Logotip YouVersion
Search Icon

1 Mose 41

41
Farao ƒe drɔ̃ewo
1Le ƒe eve megbe la, Farao ku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me be yetsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to. 2Tete nyi dami adre do tso tɔsisi la me, eye wonɔ gbe ɖum. 3Emegbe nyi bubu adre do tso tɔsisi la me, ke woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui, eye woƒe axaƒutiwo do. Woyi ɖatsi tsitre ɖe nyinɔ dami adreawo gbɔ. 4Nyi ɖikuawo lé nyinɔ damiawo mi! Tete Farao nyɔ!
5Egayi alɔ̃ me kaba, eye wògaku drɔ̃e bubu. Azɔ ya la, ekpɔ bli adre siwo ʋã nyuie la le bliti ɖeka dzi. 6Enumake bli bubu adre gado ɖe bliti la dzi, ke esiawo ya meʋã kura o, eye ɣedzeƒeya na woyrɔ. 7Bli yɔyrɔe siawo mi bli ʋaʋãwo! Farao ganyɔ, eye wòdze sii be drɔ̃e sɔŋ ko wonye. 8Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o. 9Tete fia ƒe ahakula gblɔ na Farao be, “Egbe la, meɖo ŋku nye nu vɔ̃ dzi. 10Ɣe aɖe ɣi va yi esi nèdo dɔmedzoe ɖe mí ame eve ŋu, eye nède nye kple aboloƒola gaxɔ me le ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã ƒe mɔ me la, 11nye kple aboloƒola míeku drɔ̃e gbe ɖeka le zã me. 12Míelĩ drɔ̃eawo na Hebri ɖekakpui aɖe, ame si nye ŋuwòdzɔlawo ƒe amegã la ƒe kluvi le gaxɔa me, eye wòɖe drɔ̃eawo gɔme na mí.
13“Eye nu sia nu va eme tututu abe ale si wògblɔe ene; nye ahakudɔ gaka asinye, wotso ta le aboloƒola nu, eye wotɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu.”
Yosef ɖe Farao ƒe drɔ̃ewo gɔme
14Farao ɖo du ɖe Yosef enumake. Woɖee le gaxɔa me kaba; eko ta, di awu bubuwo do alɔtsɔtsɔe, eye wòdo ɖe Farao ŋkume.
15Farao gblɔ na Yosef be, “Meku drɔ̃e aɖe le zã si va yi la me, gake ame siawo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese be ètea ŋu ɖea drɔ̃ewo gɔme, eya ta mena woyɔ wò nam.”
16Yosef gblɔ na Farao be, “Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!”
17Ale Farao lĩ drɔ̃e la nɛ be, “Metsi tsitre ɖe Nil tɔsisi la to; 18tete nyi dami siwo ƒe lãme nyo nyuie la do tso tɔsisi la me, eye wode asi gbeɖuɖu me le tɔsisi la to. 19Ke nyi bubu adre do tso tɔsisi la me. Woawo ɖi ku glãŋuiglãŋui; nyemekpɔ nyinɔ ɖiku mawo tɔgbi kpɔ le Egiptenyigba dzi o. 20Nyi ɖiku siawo lé nyinɔ dami siwo do tso tɔsisi la me gbã la mi, 21eye emegbe la, wogaɖi ku glãŋuiglãŋui abe ale si tututu wonɔ tsã la ene, eye menyɔ!
22“Eteƒe medidi kura hafi megaku drɔ̃e bubu o. Azɔ ya la, bli adre nɔ bliti ɖeka dzi; bliawo katã ʋã nyuie. 23Bli adre bubuwo gado ɖe bliti ma ke dzi, ke woawo meʋã o, ke boŋ woyrɔ. 24Bli yɔyrɔawo mi bli ʋaʋãwo.
“Megblɔ esiawo katã na nye afakalawo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme nam o.” 25Yosef gblɔ na Farao be, “Gɔmeɖeɖe ɖeka koe le drɔ̃e eveawo si. Mawu nɔ nu si wòava wɔ le Egiptenyigba dzi la gblɔm na wò. 26Nyi dami adreawo kple bli ʋaʋã adreawo fia be le ƒe adre siwo gbɔna me la, nuɖuɖu abɔ ɖe anyigba la dzi. 27Nyi ɖiku adreawo kple bli maʋamaʋã yɔyrɔ adreawo fia be ƒe adre ƒe dɔwuame adze ƒe adre siwo me nuɖuɖu abɔ la yome.
28“Ale Mawu ɖe nu si wɔ ge wòala la fia wò. 29Nuɖuɖu abɔ ɖe Egiptenyigba blibo la dzi le ƒe adre gbãtɔ siwo gbɔna la me. 30Ke le ƒe mawo yome la, dɔwuame ava ƒe adre, eye enu asesẽ ale gbegbe be nuɖuɖu si bɔ tsã la avɔ, woaŋlɔ woƒe bɔbɔ kpɔ be le Egipte, eye dɔwuame agblẽ anyigba la dzi.
31“Dɔwuame la nu asesẽ ale gbegbe be ame aɖeke magaɖo ŋku edzi be nuɖuɖu bɔ kpɔ o. 32Drɔ̃e eve siawo le nu eve fiam Farao; wofia be nya siwo megblɔ na mi la le eme va ge kokoko, elabena Mawu ɖo wo da ɖi, eye woava eme kaba. 33Susu si mado ɖa lae nye be Farao nadi nunyala gãtɔ kekeake le Egipte, eye nàtsɔe aɖo agbledede ƒe ɖoɖowo nu le anyigba blibo la dzi. 34Mina Farao natia dɔdzikpɔla ɖe anyigba la dzi be woaxɔ Egipte ƒe nuŋeŋe ƒe atɔ̃lia ɖeka le ƒe adreawo me. 35Woaƒo nuɖuɖuawo nu ƒu le ƒe nyui siwo gbɔna la me, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao, 36ale be nuɖuɖu nasɔ gbɔ ate ŋu akplɔ mí to ƒe adre siwo dɔwuame anɔ anyi le Egipte la me. Ne menye nenema o la, tsɔtsrɔ̃ ava anyigba la dzi.”
Farao do Yosef ɖe dzi
37Farao kple eƒe kpeɖeŋutɔwo xɔ Yosef ƒe nyawo. 38Esi wode ŋugble tso ame si woahiã na dɔ sia ŋu la, Farao gblɔ be, “Ame kae ate ŋu awɔ dɔ vevi sia nyuie wu Yosef? Elabena enye ame si yɔ fũu kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ.” 39Farao trɔ ɖe Yosef gbɔ gblɔ nɛ be, “Zi ale si Mawu ɖe drɔ̃eawo gɔme fia wò ko la, wòe nye nunyala gãtɔ le dukɔa me, 40eya ta metsɔ wò ɖo dɔ blibo la nu. Nya sia nya si nàgblɔ la, woawɔ edzi le Egiptenyigba blibo la dzi. Nye ɖeka koe aganye amegã na wò.”
Wotsɔ Yosef ɖo Egipte nu
41Ale Farao gblɔ na Yosef be, “Meto esia me tsɔ wò ɖo Egiptenyigba blibo la nu.” 42Tete Farao ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi hetsɔ de na Yosef; edo aklala biɖibiɖi ƒe awu nɛ, eye wòde sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ.
43Emegbe la, Farao tsɔ tasiaɖam si kplɔ fia tɔ ɖo la na Yosef, eye afi sia afi si wòyi ko la, ɣli ɖina be, “Midze klo!” 44Farao gblɔ na Yosef be, “Nye, Egipte fia, meka atam na wò be, ànɔ Egiptenyigba blibo la nu le go sia go me.”
45Farao tsɔ ŋkɔ yeye na Yosef be Zafenat Paneah. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Amewo ƒe agbeɖela, Mawu ƒe ŋusẽ tɔgbi ɖe ku kple agbe dzi.” Farao tsɔ nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Asenat, eye wònye Potifera, ame si nye On nunɔla la, ƒe vinyɔnu na Yosef wòɖe. Ale Yosef zu ame xɔŋkɔ aɖe le Egiptenyigba blibo la dzi. 46Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi.
47Vavã, le ƒe adre gbãtɔwo me la, nukuwo wɔ nyuie ŋutɔ le afi sia afi. 48Le ƒe mawo me la, Yosef de se be woatsɔ nuku ɖe sia ɖe si woaxa le Egipte la ƒe akpa aɖe ana dziɖuɖu, eye woadzra wo ɖo ɖe avawo me le du gãwo me. 49Le ƒe adrea ƒe nuwuwu la, avawo yɔ, eye nuɖuɖu si wodzɔ na dziɖuɖu la sɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke meganya akɔnta le eŋu o.
50Le ɣeyiɣi sia me, hafi dɔwuame ƒe ƒe gbãtɔ naɖo la, Asenat, Potifera si nye On nunɔla ƒe vinyɔnu la dzi vi eve na Yosef. 51Ena ŋkɔ gbãtɔ be Manase si gɔmee nye “Meŋlɔ be.” Nu si Yosef di be yeafia lae nye be Mawu ve ye nu ale gbegbe be yeŋlɔ yeƒe ɖekakpuimefuwo kple yeƒe dzodzo le yewo de be. 52Ena ŋkɔ Via ŋutsu evelia be Efraim si gɔmee nye “Kutsetse,” elabena egblɔ be, “Mawu na metse ku le teƒe sia, afi si menye kluvi le.”
53Ale ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ le Egipte la wu enu, 54eye dɔwuame ƒe ƒe adreawo dze egɔme abe ale si Yosef gblɔe da ɖi ene. Nukuwo gblẽ le dukɔ siwo ƒo xlã wo la me, ke nuɖuɖu bɔ ɖe avawo me le Egipte. 55Dɔ de asi Egipte dukɔ la wuwu me. Woɖe kuku na Farao be wòana nuɖuɖu yewo. Eɖo wo ɖe Yosef gbɔ kple nya siawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòagblɔ na mi be miawɔ la.”
56Esi dɔwuame kaka ɖe anyigba blibo la dzi la, Yosef ʋu avawo, eye wòdzra nuɖuɖu na Egiptetɔwo, elabena dɔwuame la nu sesẽ le anyigba la katã dzi. 57Eye amewo tso dukɔwo katã me va Egipte be yewoaƒle bli le Yosef gbɔ, elabena dɔwuame la nu sesẽ le xexea me katã.

Currently Selected:

1 Mose 41: AL

Označeno

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion za prilagajanje tvoje izkušnje uporablja piškotke. Z uporabo našega spletnega mesta se strinjaš z našo uporabo piškotkov, kot je opisano v naši Politiki zasebnosti