1
Luka 6:38
EƲEGBE BIBLIA
Mina nu ame, ekema Mawu hã ana nu mi. Nudzidzenu nyui, si woʋuʋu, hetee, wòyɔ gbagba lae woatsɔ adoe akɔ ɖe nu me na mi. Elabe nudzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee Mawu atsɔ adzidze nui na mi.”
ႏွိုင္းယွဥ္
Luka 6:38ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
2
Luka 6:45
Ame nyui la, nu nyui siwo wòdzra ɖo ɖe eƒe dzime la mee wòɖea nu nyuiwo ɖe go tsonɛ, ke ame vɔ̃ɖi la, nu baɖa siwo wòdzra ɖo ɖe eƒe dzime la mee wòɖea nuvɔ̃ɖiwo ɖe go tsonɛ. Elabe nu si yɔ ame ƒe dzime taŋ lae eƒe nu gblɔna.”
Luka 6:45ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
3
Luka 6:35
Ke milɔ̃ miaƒe futɔwo, miwɔ dɔmenyo, mido nu, eye migakpɔ mɔ be woaɖo eteƒe na yewo o, ekema miaƒe fetu alolo, eye Dziƒoʋĩtɔ la awɔ mi viawoe. Elabe eya nyoa dɔme na ame madaakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.
Luka 6:35ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
4
Luka 6:36
Mizu nublanuikpɔlawo, abe ale si mia Tɔ́ hã nye nublanuikpɔla ene.”
Luka 6:36ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
5
Luka 6:37
“Migadrɔ̃ ʋɔnu ame o, ekema Mawu madrɔ̃ ʋɔnu miawo hã o. Migabu fɔ ame o, ekema Mawu mabu fɔ miawo hã o. Mitsɔ vodada ke, ekema Mawu atsɔ ake miawo hã.
Luka 6:37ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
6
Luka 6:27-28
“Ke mele egblɔm na mi ame siwo le nye nya siawo sem la be: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; midi nyui na ame siwo lé mi ɖe ke me. Mibia yayra na ame siwo ƒoa fi dea mi, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo dzua mi la ta.
Luka 6:27-28ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
7
Luka 6:31
Nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nu ma ke na woawo hã.
Luka 6:31ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
8
Luka 6:29-30
Ame si ƒo to me na wò la, trɔ evelia hã nɛ. Ame si xɔ wò awu ʋlaya le asiwò la, tsɔ wò dziwui hã nɛ. Na nu ame sia ame si bia nu wò, eye ne ame aɖe tsɔ wò nane la, mègabia eta o.
Luka 6:29-30ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
9
Luka 6:43
“Ati nyui aɖeke metsea ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo aɖeke hã metsea ku nyui o.
Luka 6:43ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
10
Luka 6:44
Ati sia ati ƒe kutsetsee wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye. Womegbea gbo le srẽ dzi o, eye nenema ke womegbea wainkpowo le aŋɔka dzi o.
Luka 6:44ရွာေဖြေလ့လာလိုက္ပါ။
ပင္မစာမ်က္ႏွာ
က်မ္းစာ
အစီအစဥ္
ဗီဒီယို