Marko KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Marko ƒe Nyanyui la dze egɔme be enye “Yesu Kristo si nye Mawu Vi la ŋuti Nyanyui.” Eɖe Yesu fia abe ame si me dzo le, eye wòtsona ɖe nu ŋu wɔna kple ame si si ŋusẽ le la ene. Eƒe ŋusẽ sia dze le eƒe nufiafia, ale si wòkpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi kple ale si wòtsɔa amewo ƒe nuvɔ̃wo kea wo la me. Yesu gblɔ le eya ŋutɔ ɖokui ŋuti be Amegbetɔ Vie yenye va xexea me, be yeatsɔ yeƒe agbe ana, ale be yeaɖe amewo tso nuvɔ̃ me.
Marko gblɔ Yesu ƒe ŋutinya la tẽe kple dzo, eye wòte gbe ɖe Yesu ƒe nuwɔnawo dzi wu eƒe nyagbɔgblɔ kple nufiafia. Eƒo nu kpuie tso Yohanes mawutsilenamela ŋu, eye wòyi edzi gblɔ ale si Yohanes le mawutsi na Yesu kple ale si Abosam tee kpɔ la. Emegbe la, etrɔ ɖe ale si Yesu da gbe le amewo ŋu, eye wòfia nui la hã ŋu. Azɔ la, agbalẽa ŋlɔlaa gblɔ ale si ame siwo dze Yesu yome la va se eƒe mɔwo gɔme ɖe edzi nyuie wu, ke ame siwo tsi tre ɖe eŋu ya va lé fui ɖe edzi wu la. Le agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒo la, woƒo nu tso nu siwo va dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe kwasiɖa mamlɛtɔ me la ŋu, vevietɔ ale si woklãe ɖe atitsoga ŋu kple ale si wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la.
Míede nuwuwu eve siwo le Nyanyui la si la kpɔtɔdzesi sia [ ] ƒomevi me. Míewɔe alea, elabe ame geɖewo bu be ame bubu aɖewoe anyaŋlɔ ŋutinya la ƒe nuwuwu siawo, ke manye Marko ŋutɔ ye o.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Nyanyui la ƒe gɔmedzedze 1.1-13
Yesu wɔ dɔ le ame dome le Galilea 1.14—9.50
Yerusalem yiyi 10.1-52
Kwasiɖa mamlɛtɔ le Yerusalem kple eƒe nutowo me 11.1—15.47
Wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome 16.1-8
Aƒetɔ Yesu ɖe eɖokui fia amewo, eye wòyi dziƒo 16.9-20
Pašlaik izvēlēts:
Marko KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
Izceltais
Dalīties
Kopēt

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.