Marko 4
4
Lododo le nukuwula ŋuti
(Mat 13.1-9; Luk 8.4-8)
1 #
Luk 5.1-3. Yesu gadze nufiafia gɔme le ƒua ta, eye ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋu. Ege ɖe tɔdziʋu me hebɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi, eye ameha blibo la nɔ ƒua nu. 2Efia nu geɖe wo le lododowo me. Le eƒe nufiafia me la, egblɔ na wo be: 3“Misee ɖa! Nukuwula aɖe yi nuku wu ge. 4Esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi. 5Ɖe hã ge ɖe kpenyigba dzi, teƒe si anyi mesɔ gbɔ le o. Esi nukua mede to nyuie o ta la, emie kaba. 6Ŋdɔ va ʋu, eye esi ŋdɔkutsu ɖui la, eyrɔ, hefiã, elabe eƒe ke mede to o. 7Bubuwo ge ɖe ŋuwo me. Esi wotsi gbɔna la, ŋuawo vu tsyɔ wo dzi, eye wometse ku o. 8Nukua ƒe ɖewo ge ɖe anyigba nyui dzi. Woawo mie, tsi, hetse ku; ɖewo tse teƒe bla etɔ̃, ɖewo tse teƒe bla ade, eye ɖewo hã tse teƒe alafa.” 9Ewu enu kple nya siawo be: “Ame si to senu li na la, nesee!”
Lododoawo ƒe taɖodzinu
(Mat 13.10-17; Luk 8.9-10)
10Esi wòsusɔ eya ɖeka ɖi la, ame siwo nɔ eyome kple ame wui eveawo bia lododoa gɔmee. 11Egblɔ na wo be: “Woɖe nu si gɔme mekɔ ƒãa le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti o la, fia miawo, ke ame siwo le egodo ya la nu sia nu le lododo me na wo, 12#Yes 6.9, 10. ale be: “Woakpɔ nu, agakpɔe ake, gake womadze sii o. Woase nu, agasee ake, gake womase egɔme o. Ne wodze sii alo se egɔme la, woava trɔ dzime, eye woatsɔ woƒe nuvɔ̃ ake wo.”
Yesu ɖe lododo le nukuwula ŋuti gɔme
(Mat 13.18-23; Luk 8.11-15)
13Yesu bia wo be: “Miese lododo sia gɔme oa? Ekema ale ke miawɔ ate ŋu ase lododo bubuawo katã gɔmee? 14Nukuwula le Mawu ƒe nya la wum. 15Esiwo le mɔ to la nye nya si wowu, eye ne amewo see ko la, enumake Abosam vana, eye wòɖea nya si wowu ɖe wo me la dzonɛ. 16Nenema kee nye esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi la hã; woawoe nye ame siwo ne wose nyaa la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ, 17gake kè mele wo te o, eye wonɔa anyi ʋɛ ko; ne fukpekpe alo yometiti va ɖe nya la ta ko la, ezua nuɖiaɖia na wo enumake. 18Bubu siwo ge ɖe ŋuwo dome la, woawoe nye ame siwo sea nya la, 19gake gbe sia gbe ƒe hloloetsotso kple kesinɔnuwo ƒe amebeble kpakple nudzroame bubuwo gena ɖe wo me, hevuna tsyɔa nya la dzi, eye wòtsia anyi kumatsee. 20Nuku, siwo wowu ɖe anyigba nyui dzi la, woawoe nye ame siwo sea nya la, eye woxɔnɛ, hetsea ku; ɖewo teƒe bla etɔ̃, ɖewo teƒe bla ade, ɖewo teƒe alafa.”
Akaɖi si dzi wotsyɔ nui
(Luk 8.16-18)
21 #
Mat 5.15; Luk 11.33. Yesu bia wo be: “Ne wosi akaɖi la, ɖe wotsyɔa nu edzia? Alo ɖe wodanɛ ɖe abati tea? Menye akaɖiti dzi wodanɛ ɖo oa? 22#Mat 10.26; Luk 12.2. Ne woɣla nane la, ɖe wòle ɣaɣla be woava aɖee afia, eye ne wotsyɔ nu nane dzi la, ɖe wòle nenema bene woava afɔ nu le edzi. 23Ne to senu li na ame aɖe la, nesee!” 24#Mat 7.2; Luk 6.38. Egagblɔ na wo be: “Milé to ɖe nya siwo sem miele la ŋu nyuie. Nudzidzenu si mietsɔ dzidze nu na amewo la, eya ke woatsɔ adzidze nui na miawo hã, agade edzi na mi hã akpee. 25#Mat 13.12; 25.29; Luk 19.26. Elabe ame si si nu le la woaganae ɖe edzi. Ke ame si si sue aɖe ko le la, sue ma hã woagaxɔe le esi.”
Lododo le nuku ƒe tsitsime ŋu
26Yesu gblɔ be: “Mawu ƒe fiaɖuɖu le abe ale si ame wua nuku ɖe agble me la ene. 27Ne zã do la, amea dɔa alɔ̃, ne ŋu ke la, efɔna; ke menya ale si nukua wɔna miena hetsina o. 28Anyigba ŋutɔ nana be nu tsea ku le eɖokui si. Gbã la aŋgbawo dona, emegbe la, eƒoa se, eye eya megbe la, etsea ku blibo la. 29#Yoel 3.13. Gake ne kutsetsea tsi ko la, agbledela la tsɔa nuŋehɛ ɖe eŋu, elabe nuŋeɣi ɖo vɔ.”
Lododo le atiku sue la ŋuti
(Mat 13.31-32, 34; Luk 13.18-19)
30Yesu gagblɔ be: “Nu ka ŋu míate ŋu atsɔ Mawu ƒe fiaɖuɖu asɔ ɖo? Alo lododo ka míatsɔ aƒo nui le eŋuti? 31Ele abe atiku sue aɖe ene. Hafi woaƒãe ɖe to me la, eyae nye suetɔ wu le atikuwo katã dome le anyigba dzi. 32Gake ne woƒãe la, etsina eye wòva lolona wua ati bubuawo katã. Eɖea alɔ gãwo, ale be xeviwo te ŋu nɔa eƒe vɔvɔli te.”
33Zi ale si amewo le klalo be yewoaɖo toe ko la, Yesu gblɔa nya la na wo to lododo sia ƒomevi geɖewo me. 34Lododowo me ko wògblɔa nya na amewo le; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe li la, eɖea nuwo katã gɔme na wo.
Yesu tsi ahom nu
(Mat 8.23-27; Luk 8.22-25)
35Le ŋkeke ma ke ƒe fiẽ me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina míayi go kemɛ dzi.” 36Eganɔ tɔdziʋua me ke abe tsã ene, eye wokui dzoe le ameha la gbɔ. Tɔdziʋu bubuwo hã yi kplii. 37Ahom gã aɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋém ɖe ʋu la me ale be tsi be yeayɔ ʋua. 38Yesu ŋutɔ le ʋua gɔme lɔƒo, ziɔ suɖui, nɔ alɔ̃ dɔm. Wonyɔe hebiae be: “Nufiala, meka wò be míeku vɔ oa?” 39Yesu nyɔ, eye wòblu ɖe ya la ta hegblɔ be: “Wɔ blewuu!” Azɔ egblɔ na ƒu la be: “Dze kɔ anyi!” Yaƒoƒo la dzudzɔ, eye ɖoɖoe zi toŋ. 40Ebia wo be: “Nu ka ta mievɔ̃ alea? Ale ke wɔ miexɔ se o?” 41Vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wobia wo nɔewo se be: “Ame ka gɔ̃e nye esia, si ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe?”
Pašlaik izvēlēts:
Marko 4: EB14
Izceltais
Dalīties
Kopēt

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.