YouVersion logotips
Meklēt ikonu

Marko 2

2
Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu
(Mat 9.1-8; Luk 5.17-26)
1Ŋkeke aɖewo megbe, esi Yesu gatrɔ va Kapernaum la, amewo se be egbɔ va aƒe. 2Ame geɖe va ƒo ƒu ale be nɔƒe aɖeke megale aƒe si me wole la ƒe xɔxɔnu la gɔ̃ hã o, eye Yesu ɖe gbeƒã nya la na wo. 3Ame siwo gbɔna Yesu gbɔ la dome ame ene kɔ lãmetututɔ aɖe va doe. 4Le ameha la ta la, womete ŋu kɔe ɖo egbɔ o; eya ta woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ si me Yesu le la tame, eye esi woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba si dzi lãmetututɔ la mlɔ la ɖe anyi. 5Esi Yesu kpɔ ameawo ƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la be: “Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.” 6Azɔ agbalẽfiala aɖewo bɔbɔ nɔ afi ma, eye wonɔ nya ʋlim le woƒe susu me be: 7“Nu ka ta ame sia le nu ƒom ale? Busunyae nye ema wògblɔ. Ame kae ate ŋu atsɔ nuvɔ̃wo ake? Menye Mawu ɖeɖe koe oa?” 8Esi Yesu dze sii be wole ɖi kem le woƒe susuwo me alea la, ebia wo be: “Ale ke wɔ miele ɖi kem le miaƒe tame? 9Nya siawo dometɔ ka gbɔgblɔ na lãmetututɔ lae le bɔbɔe wu? ‘Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò’ loo, alo: ‘Tsi tre, ŋlɔ wò aba, eye nàzɔ azɔli’? 10Ke be mianya be ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si le xexea me be wòatsɔ nuvɔ̃wo ake la”, egblɔ na lãmetututɔ la be: 11“Mele egblɔm na wò be tsi tsitre, ŋlɔ wò aba, eye nàyi aƒeme!” 12Lãmetututɔ la fɔ ɖe tsitre enumake, eye wòŋlɔ eƒe aba, hezɔ dzo le wo katã ŋkume. Nu sia wɔ nuku na ameawo katã, eye wokafu Mawu gblɔ be: “Gbeɖe! Nu sia tɔgbe ya la, míekpɔe kpɔ o.”
Yesu yɔ Levi
(Mat 9.9-13; Luk 5.27-32)
13Yesu gayi ɖe ƒuta; ameha la katã va egbɔ, eye wòfia nu wo. 14Esi wòdzo le afi ma yina la, ekpɔ Levi, Alfeo vi, wòbɔbɔ nɔ asidzɔƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.” Tete wòtso dze eyome.
15Emegbe la, wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi nuɖuƒe le Levi ƒeme. Asidzɔlawo kple nuvɔ̃wɔla geɖewo nɔ kplɔ̃a ŋu kpli wo. Eyomedzelawo ɖe wosɔ gbɔ. 16Esi Farisitɔwo ƒe sefialawo kpɔ be Yesu le nu ɖum kple nuvɔ̃wɔla kple nudzɔlawo la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ale ke wɔ eya ɖua nu kple asidzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo?” 17Esi Yesu se nya sia la, eɖo eŋu na wo be: “Lãmesesẽtɔwo mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe. Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o; nuvɔ̃wɔlawo boŋ yɔ ge meva.”
Nyabiabia le nutsitsidɔ ŋuti
(Mat 9.14-17; Luk 5.33-39)
18Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna. Amewo va bia Yesu be: “Nu ka ta Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dɔna, gake tɔwòwo ya mewɔnɛ o?” 19Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔa? Zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo dome la, womate ŋu atsi nu adɔ o. 20Ɣeyiɣi li gbɔna, si me woaɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ɖa le wo dome; ɣe ma ɣi la woatsi nu adɔ. 21Ame aɖeke metsɔa avɔ yeye ƒe nuɖeɖi kaa awu xoxo o; ne ewɔe la, avɔ yeye si wòtsɔ kae la, aho awu xoxoa ɖe eɖokui ŋu, eye wòagavuvu ɖe dzi wu tsã. 22Ame aɖeke metsɔa wain yeye dea lãgbalẽgolo xoxo me o; ne ewɔe la, wain yeye la awó lãgbalẽgoloa, eye wain la kple lãgbalẽgoloa siaa agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wain yeye nɔna.”
Nyabiabia le Dzudzɔgbe ŋuti
(Mat 12.1-8; Luk 6.1-5)
23 # Mos V, 23.25. Le Dzudzɔgbe aɖe la, Yesu to lugble aɖe me yina, eye eƒe nusrɔ̃la siwo le eŋu la de asi lutsetseawo ŋeŋe me. 24Farisitɔwo biae be: “Kpɔ ɖa! Nu ka ta wole nu si se la meɖe mɔ be woawɔ le Dzudzɔgbe o la wɔm?” 25Yesu ɖo eŋu na wo be: “Alo ɖe miexlẽ nu si David wɔ, esime wòɖo xaxa me, eye dɔ wu eya kple eŋutimewo kpɔ oa? 26#Mos III, 24.9.#Sam I, 21.1-6. Ege ɖe Mawu ƒe aƒe la me, le Abyatar, nunɔlagã la ŋɔli, eye wòɖu vɔsabolo, si ŋu womeɖe mɔ le be ame si menye nunɔla o la naɖu o, hetsɔ eƒe ɖe na eŋutimewo hã. Alo miexlẽe kpɔ oa?” 27Eyi edzi gblɔ na wo be: “Amegbetɔ tae woɖo Dzudzɔgbe anyi ɖo; menye Dzudzɔgbe tae wowɔ amegbetɔ o; 28ale be Amegbetɔ Vi la kpɔ ŋusẽ ɖe Dzudzɔgbe la hã dzi.”

Pašlaik izvēlēts:

Marko 2: EB14

Izceltais

Dalīties

Kopēt

None

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties