YouVersion logotips
Meklēt ikonu

Marko 16

16
Tsitretsitsi la
(Mat 28.1-8; Luk 24.1-12; Yoh 20.1-10)
1Esi Dzudzɔgbe la va yi la, Maria Magdalatɔ kple Maria, Yakobo nɔ kpakple Salome, woƒle atike ʋeʋẽe lílilĩ aɖe be yewoayi aɖasi na Yesu ƒe kukua. 2Le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya, esi ɣe dze la, woyi ɖe yɔdo la gbɔ. 3Wonɔ wo nɔewo biam le mɔa dzi be: “Ame kae amli kpe la ɖa le yɔdo la nu na mí?” 4Kpe la lolo ŋutɔ. Ke esi wofɔ ta dzi la, wokpɔ be womlii ɖa xoxo. 5Woge ɖe yɔdo la me. Tete wokpɔ ɖekakpui aɖe wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe ɖusime le awu ʋlaya ɣi me. Ewɔ nuku na wo ŋutɔ. 6Ɖekakpuia gblɔ na wo be: “Yesu Nazaretetɔ, ame si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele. Etsi tsitre. Mele afi sia o; esia megawɔ mo yaa na mi o. Mikpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa. 7#Mat 26.32; Mar 14.28.Miheyi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã be, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afi mae miakpɔe le abe ale si wògblɔe na mi la ene.” 8Nyɔnuawo ƒu du do go le yɔdo la me. Wolulu hele ƒoƒom tititi kple vɔvɔ̃. Wovɔ̃ ale gbegbe be womekɔ nu le nya la dzi na ame aɖeke o.
NUWUWU XOXO AƉEWO NA NYANYUI LA#Nyanyui la ƒe nuwuwu: Kpukpui asiekelia va se ɖe bla evelia mele mawunyagbalẽ xoxo aɖewo ya me o.
Yesu ɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ
(Mat 28.9-10; Yoh 20.11-18)
[ 9Azɔ esi Yesu fɔ tso ame kukuwo dome ŋdi kanya le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, eɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ, ame si me wònyà gbɔgbɔ vɔ̃ adrẽ do goe le la gbã. 10Eya yi ɖagblɔ nya la na ame siwo nɔ Yesu yome tsã. Ame siawo nɔ konyi fam nɔ avi fam; 11ke togbɔ be wose be Yesu fɔ, hele agbe, eye be Maria ŋutɔ kpɔe hã la, womexɔe se o.
Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la eve
(Luk 24.13-35)
12Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia wo dometɔ eve siwo ɖi tsa yina agbleta la, ke womedze sii gbã o. 13Wotrɔ va ka eta na wo tɔ mamlɛawo; gake womexɔ woawo hã ƒe nya dzi se o.
Yesu ɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo
(Mat 28.16-20; Luk 24.36-49; Yoh 20.19-23; Dɔw 1.6-8)
14Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia ame wuiɖekɛawo ŋutɔ, esime wole nuɖuƒe, eye wòhe nya ɖe wo ŋu le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabe womexɔ ame siwo kpɔe agbagbee la ƒe nya dzi se o. 15#Dɔw 1.8.Egblɔ na wo be: “Miyi xexe blibo la me, eye miɖe gbeƒã Nyanyui la na dzɔdzɔme blibo la. 16Ame si ke xɔe se, eye wole mawutsi nɛ la, woaxɔe ɖe agbe, ke ame si mexɔe se o la, woabu fɔe. 17Dzesi siawo lava eme to ame siwo xɔe se la dzi: To nye ŋusẽ me woanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe; woagblɔ gbe yeyewo. 18Woalé da, eye ne wono aɖi hã la, masi wo o. Woada asi ɖe dɔnɔwo dzi, eye woƒe lã me asẽ.”
Wokɔ Yesu yi dziƒo
(Luk 24.50-53; Dɔw 1.9-11)
19 # Dɔw 1.9-11. Esi Yesu, Aƒetɔ la, ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo vɔ la, wokɔe yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe ɖusime. 20Nusrɔ̃laawo yi ɖaɖe gbeƒã Nyanyui la le afi sia afi. Aƒetɔ la wɔ dɔ kpli wo, eye wòɖo kpe nya la dzi kple dzesi siwo va eme la.]
NUWUWU XOXO BUBU
[ 9 Nyɔnuawo yi ɖaka nya si wògblɔ na wo la ta na Petro kple ame siwo le egbɔ la enumake. 10 Esia megbe la, Yesu ŋutɔ to eƒe nusrɔ̃lawo dzi ɖe gbeƒã xɔxɔ mavɔ ƒe Nyanyui, nya kɔkɔe, si mate ŋu atsrɔ̃ o la, tso keke ɣedzeƒe yi ɖase ɖe ɣetoɖoƒe ke.]

Pašlaik izvēlēts:

Marko 16: EB14

Izceltais

Dalīties

Kopēt

None

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties