YouVersion logotips
Meklēt ikonu

Marko 11

11
Gege ɖe Yerusalem-dua me kple aseyetsotso
(Mat 21.1-11; Luk 19.28-40; Yoh 12.12-19)
1Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gogo Yerusalem, eye wote ɖe Betfage kple Betania ŋu le Amito la gbɔ la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve ɖa 2gblɔ na wo be: “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti la, miakpɔ tedzivi aɖe le ka me, si ame aɖeke medo kpɔ o la. Miɖe kae, ne miakplɔe vɛ. 3Ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka ɖemee?’ mahã la, migblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ lae le ehiãm,’ ekema aɖoe ɖa enumake.” 4Ale wodzo yi, eye wokpɔ tedzivi aɖe le ka me le kpɔnu le mɔ to, eye wotu kae. 5Ame siwo le tsitre ɖe afi ma la bia wo be: “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele tedzivi la ɖem le ka me?” 6Woɖo eŋu na wo abe ale si Yesu gblɔ na wo la ene. Tete woɖe mɔ le eŋu na wo. 7Esi wokplɔ tedzivia vɛ na Yesu la, wotsɔ woƒe avɔwo ɖo ɖe edzi, eye Yesu nɔ edzi. 8Ame geɖe keke woƒe avɔwo me heɖo ɖe mɔa dzi, eye bubuawo ŋe atilɔ siwo ŋu aŋgbawo le la le mɔ to hlẽ ɖe mɔa dzi. 9#Ps 118.25, 26. Tete ame siwo le Yesu ŋgɔ kple esiwo le eyome la de asi ɣlidodo me le gbɔgblɔm be: “Aƒetɔ, ɖe mí loo! Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me! 10Woyra mía tɔ́ David ƒe dziɖuɖu si gbɔna la. Ɖeɖe wònye tso Mawu gbɔ ke!”
11Esi Yesu ɖo Yerusalem la, ege ɖe mawuƒe la me. Etsa ŋku godoo, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu, eye esi fiẽsi ɖo vɔ ta la, eya kple ame wui eveawo dzo yi Betania.
Yesu ƒo fi de gboti la
(Mat 21.18-19)
12Esi ŋu ke, eye wotrɔ tso Betania la, dɔ nɔ Yesu wum. 13Ekpɔ ati aɖe si ƒe tsetse woɖuna. Ati sia to aŋgba nyuie, eye wòle adzɔge. Eyi be ɖewohĩ yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi. Ke esi wòva atia gbɔ la, mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, elabe atia ƒe tseɣi meɖo haɖe o. 14Yesu gblɔ na ati la be: “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse akpɔ gbeɖe o”, eye eƒe nusrɔ̃lawo see.
Yesu nyà asitsalawo do goe le mawuƒe la me
(Mat 21.12-17; Luk 19.45-48; Yoh 2.13-22)
15Wova ɖo Yerusalem, eye esi Yesu ge ɖe mawuƒe la me la, ede asi ame siwo le asi ƒlem le mawuƒea me la nyànya me do goe. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo kple ahɔnɛdzralawo ƒe zikpuiwo ƒu anyi. 16Melɔ̃ gɔ̃ hã be ame aɖeke natsɔ naneke ava tso eme to mawuƒe la ƒe xɔxɔnu ayi o. 17#Yes 56.7; Yer 7.11. Efia nu, hegblɔ na wo be: “Menye ɖe woŋlɔe ɖi be: ‘Woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe’ oa? Ke miawo ya mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe beɖoƒe.” 18Nya sia ɖo nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wodi mɔnu be yewoawui le vɔvɔ̃ nɛ ta, elabe eƒe nufiafia wɔ mo yaa na ameha blibo la. 19Esi fiẽ wɔ la, wodo go le dua me.
Nufiafia le gboti la ŋuti
(Mat 21.20-22)
20Esi wotrɔ yina evea gbe ŋdi kanya la, wokpɔ be gboti la yrɔ sũu tso keke eƒe kè me ke. 21Petro ɖo ŋku nu si dzɔ la dzi, eye wògblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa! Ati si nèƒo fi de la yrɔ.” 22Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mixɔ Mawu dzi se. 23#Mat 17.20; Kor I, 13.2. Nyateƒe tututu tom mele na mi, be ame si ke agblɔ na to sia be: ‘Ho, ne nàyi aɖadze atsiaƒu me’, eye wòaxɔe ase, ɖikeke manɔmee, be nu si yegblɔ la ava eme la, ava eme nɛ. 24Eya ta mele egblɔm na mi, be nu sia nu si miabia le gbedodoɖa me la, mixɔe se be esu mia si, ekema miaxɔe. 25#Mat 6.14, 15. Azɔ ne mietsi tsitre be yewoado gbe ɖa la, mitsɔ nu si le miaƒe dzime ɖe ame sia ame ŋu la kee; ale be mia Tɔ́ si le dziƒowo la natsɔ miawo hã miaƒe dzidadawo ake mi.” [ 26Ke ne mietsɔ ke o la, mia Tɔ́ si le dziƒowo la matsɔ miawo hã miaƒe vodadawo ake mi o.]
Nyabiabia le Yesu ƒe ŋusẽ ƒe tsoƒe ŋu
(Mat 21.23-27; Luk 20.1-8)
27Wogava Yerusalem. Esi Yesu le tsatsam le mawuƒe la me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kpakple dumemetsitsiwo va egbɔ. 28Wotɔ gbee be: “Ŋusẽ ka dzi nèto le nu siawo wɔm; alo ame kae na ŋusẽ wò be nàwɔ nu siawo?” 29Yesu gblɔ na wo be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi, ne mieɖo eŋu nam ko la, ekema magblɔ ŋusẽ si dzi meto le nu siawo wɔm la na mi. 30Yohanes ƒe mawutsilename la ɖe, Mawu gbɔ wòtso loo, alo amegbetɔwo gbɔ wòtsoa? Miɖo eŋu nam.” 31Wodzro nya sia me le wo nɔewo dome le nu si woagblɔ la ŋu be, ne yewogblɔ be etso Mawu gbɔ la, abia yewo be: “Nu ka tae miexɔ edzi se o?” 32Alo ɖe yewoagblɔ be, “Etso amewo gbɔ” mahã? Ke wole vɔvɔ̃m na ameha la, elabe ame sia ame da asi ɖe edzi be Yohanes nye Mawu ƒe gbeƒãɖela vavã. 33Eya ta woɖo eŋu be: “Míenya o.” Yesu xɔ edzi gblɔ na wo be: “Ekema nye hã nyemagblɔ afi si mexɔ ŋusẽ tsoe, hele nu siawo wɔmee la na mi o.”

Pašlaik izvēlēts:

Marko 11: EB14

Izceltais

Dalīties

Kopēt

None

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties