Dɔwɔwɔwo 14
14
Paulo ƒe dɔwɔwɔ kple nusiwo va ve me ne le Ikonio, Listra kple Derbe.
1Eye wòva ve me le Ikonio bena, woa kple eve la woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, eye woƒo nu, ale bena Yudatɔwo kple Helatɔwo dome ame geɖewo xɔe se. 2Eye Yudatɔ, siwo mexɔe se o la, de zi trɔ̃subɔlawo ƒe luʋɔwo me, eye wodo ada wo ɖe nɔviawo ŋu. 3Gake la wotsi afima ŋkeke geɖe hele nu ƒom kple dzideƒo le Aƒetɔ la me, eya amesi ɖi ɖase le eƒe amenuvevenya la ŋuti, le esime wòna wowɔ dzesiwo kple nukunuwo to woƒe asiwo dzi. 4Ke duametɔwo ma, ɖewo de Yudatɔwo dzi, eye bubuwo le apostolowo dzi. 5Eye esi trɔ̃subɔlawo kple Yudatɔwo kpakple woƒe dziɖulawo ɖo bena, woadze wo dzi, be woadi gbɔ wo, eye woaƒu kpe wo la, 6wodze sii, eye wosi yi ɖe Likaonia ƒe duwo, Listra kple Derbe, kple afima nutoawo me. 7Eye wogblɔ nyanyuie la fia le afima hã.
8Eye ŋutsua ɖe le Listra le anyinɔƒe, si metea ŋu tsia tre ɖe eƒe afɔwo dzi o, eye wònye tekunɔ tso keke dadaa ƒe dɔme ke; amesi mezɔ azɔli kpɔ o. 9Eya se Paulo ƒe nuƒoƒo, amesi lé ŋku ɖe edzi gã, eye esi wòkpɔ bena, xɔse le esi be, woayɔ dɔe la, 10egblɔ kple gbe sesẽ bena: Tsi tre, nadzɔ ɖe wò afɔwo dzi! Eye wòdzo kpo, eye wòzɔ azɔli. 11Eye esi amehawo kpɔ nusi Paulo wɔ la, wokɔ woƒe gbe dzi le Likaonia-gbe me bena: Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mia gbɔ. 12Eye woyɔ Barnaba be Yupiter, ke Paulo be Merkurio; elabena eyae gblɔa nya. 13Tete la Yupiter, si le dua xa la, ƒe nunɔla tsɔ nyitsu kple seƒoƒotsihewo va agboa nu, eye wòle ɖidim bena, ye kple amehawo yewoasa vɔ. 14Ke esi apostoloawo, Barnaba kple Paulo, see la, wodze woƒe awuwo, eye woƒu du ɖo ameha la me hele ɣli dom, le gbɔgblɔm bena: 15Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ; 16amesi le dzidzime, siwo va yi la me la, wòna dukɔwo katã zɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔwo dzi. 17Gake la medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyuie, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ. 18Eye esi wogblɔ nya siawo la, bebli hafi woxe mɔ na amehawo, bena womesa vɔ na wo o.
Paulo trɔ va Antioxia.
19Ke Yudatɔwo tso Antioxia kple Ikonio va afima, eye esi woƒoe ɖe amehawo nu la, woƒu kpe Paulo, eye wohee do go tso dua me hebu xa bena, eku. 20Ke esi nusrɔ̃lawo va ƒo xlãe la, etsi tre heyi ɖe dua me; eye esi ŋu ke la, eya kple Barnaba wodzo yi Derbe. 21Eye esi wogblɔ nyanyuie la fia du ma, eye wowɔ ame geɖewo zu nusrɔ̃lawo la, wogbugbɔ va Listra kple Ikonio kpakple Antioxia, 22hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me. 23Eye esi wotia amegãwo na wo le ha sia ha me la, wodo gbe ɖa kple nutsitsiɖɔ, eye wotso wo ɖe Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la, si me. 24Eye esi woto Pisidia la, wova Pamfilia. 25Eye esi wogblɔ nya la le Perge la, wotɔ edzi va Atalia. 26Tso afima woɖo ʋu va Antioxia, afisi wotsɔ wo de Mawu ƒe amenuveve me le hena dɔ, si nu wowu la. 27Ke esi wova afima, eye woƒo hamea nu ƒu la, woka nu gã, siwo Mawu wɔ kpli wo la ta na wo, kple alesi wòʋu dzixɔse ƒe ʋɔtru na trɔ̃subɔlawo. 28Eye wonɔ nusrɔ̃lawo gbɔ xɔ ŋkeke geɖe.
Pašlaik izvēlēts:
Dɔwɔwɔwo 14: EWERV
Izceltais
Dalīties
Kopēt

Vai vēlies, lai tevis izceltie teksti tiktu saglabāti visās tavās ierīcēs? Reģistrējieties vai pierakstieties
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.