Mose II 9
9
Fukpekpe atɔ̃lia: Dɔ vɔ̃ wu lãwo fũu
1Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ, ne nàgblɔ nɛ be Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu, ne woaɖasubɔm. 2Ne ègbe asiɖeɖe le wo ŋu eye nègalé wo ɖi la, 3kpɔ ɖa, nye Aƒetɔ, matsrɔ̃ wò lãhawo le gbedzi. Mana dɔléle dziŋɔ nadze wò lãwo katã dzi. Adze sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyihawo, gbɔ̃ kple alẽwo dzi. 4Ke made vovototo Israelviwo ƒe lãwo kple Egiptetɔwo tɔwo dome ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ” 5Aƒetɔ ɖo ɣeyiɣi gblɔ be: “Etsɔ nye, Aƒetɔ mawɔ nu sia le anyigba sia dzi.”
6Esi ŋu ke la, Aƒetɔ wɔ nu si wòbe yeawɔ la. Egiptetɔwo ƒe lãwo katã ku gake Israelviwo tɔ ya ƒe ɖeka gɔ̃ hã meku o. 7Egipte Fiagã la dɔ ame ɖa; ke wokpɔ be Israelviwo ƒe lãwo ya ɖeka gɔ̃ hã meku o. Gake Egipte Fiagã la gasẽ dzime, eye meɖe asi le dukɔ la ŋu o.
Fukpekpe adelia: Ƒoƒoe te amewo kple lãwo
8Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be: “Miɖe kpomedzɔble ɖe asiƒome eye mina Mose nahlẽe ɖe ya me le Egipte Fiagã la ŋkume. 9Azu abe ʋuʋudedi ene akaka ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi, eye wòana ƒoƒoe si me dɔ vɔ̃ le la nate amewo kple lãwo siaa le Egipte-nyigba blibo la dzi.” 10#Nyaɖ 16.2. Woku kpomedzɔble ɖe asiƒome tsɔ va tsi tsitre ɖe Egipte Fiagã la ŋkume. Mose hlẽe ɖe ya me eye wòtrɔ zu ƒoƒoedɔ vɔ̃ te amewo kple lãwo siaa le Egipte-nyigba blibo la dzi. 11Ƒoƒoea te Egiptetɔwo ƒe dzotɔwo hã abe Egiptetɔ bubuawo ke ene, eye le esia ta la, womete ŋu nɔ te ɖe Mose nu o. 12Ke Aƒetɔ na Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ kokoko, eye abe ale si wògblɔ na Mose ene la, Fiagã la meɖo to wo o.
Fukpekpe adrẽlia: Tsikpe titri dza ɖe Egipte-nyigba dzi
13Aƒetɔ gagblɔ na Mose be: “Fɔ yi Fiagã la gbɔ etsɔ ŋdi kanya nàɖatsi tsitre ɖe eŋkume agblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la be: Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm. 14Ne ègasẽ to azɔ ya la, mawɔ fu wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la vevie bene nànyae be ame aɖeke meli abe nye ene le anyigba blibo la dzi o. 15Elabe mate ŋu atsɔ dɔ vɔ̃ atsrɔ̃ wò ŋutɔ kple wò dukɔ la ɖa le anyigba dzi xoxoxo hafi.#9.15: Dɔléle si wu lãwo le 9.1-3 me la kee wòwɔnɛ le afi sia hã. Ale Mawu ɖe wòle gbɔgblɔm be ne ɖe yelɔ̃ la, anye ne yehe dɔléle ma va ƒu Egipte-fia la ŋutɔ hã. 16#Rom 9.17. Ke mena nètsi agbe be maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye nye ŋkɔ naɖi le anyigba ƒe afi sia afi. 17Ke ègale dàdam hegbe be yemaɖe asi le nye dukɔ ŋu woadzo o. 18Eya ta etsɔ ɣe alewo ɣi la, mana tsikpe sesẽ nadza vevie. Tsikpe sia tɔgbe medza kpɔ le Egipte-nyigba dzi tso esime woɖo dukɔa gɔme anyi o. 19Eya ta na woadi beɖoƒe na wò lãhawo kple wò nu siwo katã le agbleta la. Ame kple lã si tsi gbedzi, eye womele beɖoƒe o la, tsikpe aƒo wo, eye wòaku.’ ” 20Egipte Fiagã la ŋume siwo Aƒetɔ ƒe nya la tso dzika ƒo na la na woƒe kluviwo kple woƒe lãhawo yi ɖe bebeƒe. 21Ke esiwo nya la metso dzika ƒo na o la gblẽ wo tɔwo ɖe gbedzi.
22Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe dziƒo, ne kpetsi nadza ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Nedza ɖe amewo, lãwo kple agblemenuku siwo katã le Egipte-nyigba dzi la dzi.” 23Mose do eƒe atizɔti la ɖe dziƒo, eye Aƒetɔ na dziɖegbe, tsikpe kple dzo kɔ ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ na kpetsi la dza ɖe Egipte-nyigba blibo la dzi. 24#Nyaɖ 8.7; 16.21. Dzi le gbe ɖem ɖe tsikpe la me atraɖii. Esia tɔgbe medzɔ kpɔ tso esime woɖo Egipte-dukɔ la gɔme anyi o. 25Kpetsi la gblẽ nu le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Egblẽ nu sia nu le gbedzi, eye wòwu ame kple lãwo siaa. Egblẽ agblemenukuwo eye wòfe gbemetiwo katã. 26Gake le Gosen-nutome, afi si Israelviwo le ya la, kpetsi aɖeke medza ɖee o.
27Tete Egipte Fiagã la na woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo be: “Azɔ ya la, meda vo. Aƒetɔ tɔ dzɔ. Ke nye kple nye dukɔ la tɔ medzɔ o. 28Miɖaɖe kuku na Aƒetɔ ne wòana dziɖegbe kple kpetsia nu natso, ekema maɖe asi le mia ŋu miadzo; miaganɔ afi sia o.”
29Mose ɖo eŋu nɛ be: “Ne menyado le dua me ko la, make nye abɔwo me, aƒo koko na Aƒetɔ. Ekema dziɖegbe la nu atso, eye kpetsia hã ake, ne nàtsɔ nya be Aƒetɔ tɔe nye xexea me. 30Ke wò ŋutɔ kple ŋuwòmewo ya la, menyae be miele Aƒetɔ Mawu la vɔ̃m haɖe o.”
31(Ɖeti kple mɔli gblẽ le agble dzi elabe mɔli do ku eye ɖeti ƒo se ɣe ma ɣi. 32Ke naneke mewɔ lu ŋutɔ kple bli ya o, elabe woawo do megbe.)
33Mose dzo le Egipte Fiagã la gbɔ. Esi wòdo go le dua me la, eke eƒe abɔ me, do gbe ɖa na Aƒetɔ. Tete dziɖegbe la dzudzɔ, kpetsia hã nu tso, eye tsidzadza la megakɔ ɖi o. 34Esi Egipte Fiagã la kpɔ be tsidzadzaa, kpetsia kple dziɖegbe la dzudzɔ la, egayi nuvɔ̃ wɔwɔ dzi. Eya kple eŋumewo gasẽ dzime. 35Ale abe ale si Aƒetɔ gblɔ to Mose dzi ene la, egagbe be yemaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo o.
Currently Selected:
Mose II 9: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.