Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 8

8
Fukpekpe evelia: Akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba dzi fũu
1Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Yi Egipte Fiagã la gbɔ nàɖagblɔ nɛ be Aƒetɔ be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm. 2Ne ègbe la, mana akpɔkplɔ nadzi ɖe anyigba la katã dzi abe dɔléle ene. 3Nil-tɔsisi azu akpɔkplɔ ɖeɖe, eye woaté bìbibi ava wò fiasã me, woage ɖe wò xɔdɔme me, adzo ɖe wò abati dzi. Woabɔ ɖe wò subɔlawo kple ŋuwòmewo ƒe aƒewo me. Woage ɖe wò abolokpowo kple abolodugugbawo me. 4Akpɔkplɔawo adzo ɖe wò ŋutɔ dziwò, wò dumeviwo kple wò subɔlawo katã dzi, ado kplamatsɛ na mi atraɖii.’ ”
5Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atikplɔ la nado asi ɖe tɔsisiwo, tɔʋuwo kple táwo dzi, ne akpɔkplɔwo nava Egipte-nyigba la dzi.” 6Aron do atizɔtia ɖe Egipte-nyigba dzi tsiwo dzi, eye akpɔkplɔwo do va kɔ ɖe anyigba bliboa dzi fũu. 7Ke Egipte-dzotɔwo hã tsɔ woƒe vivimeŋusẽwo he akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzii.
8Tete Egipte Fiagã la yɔ Mose kple Aron, eye wògblɔ na wo be: “Mido gbe ɖa na Aƒetɔ ne wòaɖe akpɔkplɔawo ɖa le nye kple nye dukɔmetɔwo gbɔ, ekema maɖe asi le miaƒe dukɔ la ŋu woayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ.”
9Mose ɖo eŋu be: “Ele asiwò me. Ɣe ka ɣie maɖe kukua ɖe wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la ta, ne akpɔkplɔawo nadzo le ŋuwò kple miaƒe aƒewo me, eye woanɔ Nil-tɔsisia ɖeɖe ko me ya?”
10Fiagã la xɔ edzi be: “Doe ɖa etsɔ.” Mose lɔ̃ be: “Yoo. Mawɔ wò gbe dzi ne nànyae be ame aɖeke meli abe Aƒetɔ, mía Mawu la ene o. 11Wò ŋutɔ kple wò aƒe, ŋuwòmewo kple wò dukɔmeviwo siaa miakpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me. Nil me ko woasusɔ ɖo.” 12Mose kple Aron dzo le Fiagã la gbɔ. Mose yi ɖado gbe ɖa na Aƒetɔ le akpɔkplɔ siwo va bɔ̀ ɖee la ŋuti. 13Aƒetɔ se eƒe gbedodoɖa. Akpɔkplɔawo ku le aƒewo me, xɔxɔnuwo kple agblewo me. 14Woli kɔ wo fũu ɖi, eye anyigba la katã dzi nɔ ʋeʋẽm kũu. 15Gake esi Egipte Fiagã la kpɔ be yekpɔ gbɔdzɔe tso akpɔkplɔawo si me la, egasẽ dzime eye abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene la, egbe toɖoɖo Mose kple Aron.
Fukpekpe etɔ̃lia: Muwo va kɔ ɖi
16Aƒetɔ gagblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti ƒo ke me le anyigba ne wòatrɔ zu muwo le Egipte-nyigba la katã dzi.’ ” 17Aron tsɔ atizɔtia ƒo anyigba. Tete ke trɔ zu mu sɔŋ bɔ̀ ɖe amewo kple lãwo siaa yome le Egipte-nyigba blibo la dzi. 18Muawo nye tsyɔ amegbetɔ kple lãwo dzi. Woƒe dzotɔwo hã to vivimemɔwo dzi be yewoawɔ muwo gake womete ŋui o. 19#Luk 11.20. Wogblɔ na fia la be: “Esia ya la, Mawu ƒe nuwɔwɔ ye.” Ke Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko eye abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene la, egbe toɖoɖo.
Fukpekpe enelia: Togbatowo ƒe ha gã aɖe va
20Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Fɔ etsɔ ŋdi kanya naɖalala Egipte Fiagã la. Egbɔna tɔsisi la to. Nàgblɔ nɛ be Aƒetɔ be: ‘Ɖe asi le nye dukɔ la ŋu ne woayi aɖasubɔm. 21Ne ègbe la, mana togbatowo nava ɖe fu na wò ŋutɔ, ŋuwòmewo kple wò dukɔ la katã. Togbatowo age ɖe miaƒe aƒewo me, eye Egiptetɔwo ƒe aƒewo me ayɔ fũu kple togbato ale be ame makpɔ afɔɖoƒe teti hã o. 22Ke maɖe Gosen-nyigba, afi si nye dukɔa le la le eme. Togbatoawo made afi ma ya o, ne nànya be nyee nye Aƒetɔ le anyigba dzi. 23Made vovototo nye dukɔ kple wò dukɔ dome. Etsɔ tututu dzesi sia lava eme.’ ” 24Aƒetɔ wɔ esia. Togbatowo ƒe ha gãwo va kɔ ɖi. Wogba ɖe Egipte Fiagã la ƒe fiasã me, eŋumewo ƒe aƒewo me, woƒe xɔwo me kple Egipte-nyigba blibo la katã dzi, eye togbatowo gblẽ anyigba la dzi.
25Tete Egipte Fiagã la yɔ Mose kple Aron, eye wògblɔ na wo be: “Enyo, miyi ɖasa vɔ na mia Mawu la le anyigba sia dzi.” 26Mose ɖo eŋu nɛ be: “Manyo be míawɔ nenema o, elabe nu siwo míele tsɔtsɔ ge asa vɔ na Aƒetɔ, mía Mawu la nye busunu na Egiptetɔwo.#8.26: Egiptetɔwo melɔ̃na be woawu nyi, alẽ alo gbɔ̃ o elabe wobua lã mawo lã kɔkɔewoe. Evɔ lã mawoe Israelviwo tsɔ le vɔa sa ge na Aƒetɔ. Eya tae Mose gblɔ be ne yewosa vɔa le Egipte-nyigba dzi la, Egiptetɔwo aƒu kpe yewo. Ne míetsɔ nu siwo nye busunu na Egiptetɔwo va le vɔ sam le wo ŋkume ɖe, womaƒu kpe mí oa? 27Ehiã be míazɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ ayi gbedadaƒo aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la, abe ale si wòafia mí lae ene.”
28Ale Egipte Fiagã la be: “Maɖe asi le mia ŋu miayi aɖasa vɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la le gbedadaƒo. Ke migayi didiƒe akpa o. Miado gbe ɖa ɖe tanye.”
29Woxɔ edzi nɛ be: “Ne metrɔ le gbɔwò ko maɖe kuku na Aƒetɔ be wòana togbatoawo nadzo etsɔ ɖeka bene Egipte Fiagã la kple eŋumewo kpakple dukɔa me tɔwo navo tso wo si me. Ɖeko Fiagã la negablem eye wòagagbe be yemaɖe asi le dukɔ la ŋu ne woaɖasa wɔ na Aƒetɔ o.”
30Mose dzo le Egipte Fiagã la gbɔ, eye wòɖado gbe ɖa na Aƒetɔ. 31Aƒetɔ wɔ Mose ƒe nya dzi, eye wòɖe togbatoawo ɖa le fiagã la kple eŋumewo kpakple dukɔa dome. Ɖeka pɛ hã mesusɔ o. 32Gake Egipte Fiagã la gasẽ dzime fifia hã, egbe meɖe asi le dukɔ la ŋu wodzo o.

Currently Selected:

Mose II 8: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo