Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 22

22
Se le nu si ame gblẽ la teƒeɖoɖo na nua tɔ ŋuti
1“Ne ame aɖe fi nyitsu alo alẽ eye wòwui alo dzrae la, ele nɛ be wòaɖo nyitsu atɔ̃ nyi ɖeka la teƒe, eye alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe. Ele be wòaɖo nu si wòfi la ƒe home eteƒe. Ne naneke mele esi o la, ekema woadzrae ɖe nu si wòfi la teƒe. #22.1: Esia nye Ta 21.37 le Hebri Biblia me.
4Ne wokpɔ nu si wòfi la agbagbee le esi, nyitsu lae loo, tedzi lae loo, alo alẽ lae la, ele be wòaxe eƒe fe teƒe eve. 2“Ne fiafi aɖe ge ɖe aƒe aɖe me le fi fim, eye woxlã nu ɖee wui la, ewula medo hlɔ̃ o. 3Evɔ nenye ŋkeke mee la, ekema ewula do hlɔ̃.
5“Ne ame aɖe kplɔ eƒe lãwo yi gbeɖuƒe le eƒe anyigba dzi, alo eƒe waingble me, eye eƒe lãa yi ɖaɖu nu le ame bubu ƒe anyigba dzi alo agble me la, ele be wòadi nuku siwo eƒe lãa ɖu la ƒe nyuitɔ kekeake le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi alo waingble me aɖo nu siwo eƒe lãa ɖu la teƒe.
6“Ne ame aɖe tɔ dzo nu, eye dzoa bi yi ɖagblẽ ame bubu ƒe nuku siwo le do nu alo esiwo woxa ƒo ƒui ɖi la, ele na dzoa tɔla la be wòaxe nu siwo dzoa gblẽ la ƒe fe.
7“Ne ame aɖe dzra ga alo nu bubu aɖe ɖo ɖe ame gbɔ ko wova fii, eye wolé fiafitɔa la, ele na fiafitɔa be wòaxe nuawo ƒe fe ƒe teƒe eve. 8Ne womenya ame si fi nuawo o la, ekema ame si nye aƒea tɔ la ate ɖe Mawu ŋu ava ɖee afia be eya ŋutɔe fi nuawo loo, alo menye eyae o.
9“Ne ame eve le nane abe nyi, tedzi, alẽ, nudodo aɖe alo nane ene si bu eye wofɔe tsɔ vɛ la ʋlim la, woahe ame eveawo ayi Mawu ŋkume. Ame si Mawu bu fɔ la axe nua ƒe teƒe eve na ehavia.
10“Ne ame aɖe tsɔ tedzi, nyitsu, alẽ alo lã bubu aɖe ɖo ehavi gbɔ eye lãa ku, alo nu vevi aɖe wɔe, alo wokplɔe dzoe eye ame aɖeke mekpɔe o la, 11ekema atà Aƒetɔ na nɔvia atsɔ fia be menya nu le lã la ƒe bubu ŋu o; ame si tɔe nye lãa la axɔ nutàta sia, eye ame si gbɔ wòtsɔ lãa ɖo hafi la maxe fe aɖeke o. 12Ke nenye ɖe wofi lãa la, axee na ame si tɔe nye lã la. 13Nenye lã wɔadã aɖee vuvui la, mina wòatsɔe ava fia wòanye ɖaseɖiɖi, eye maxe fe aɖeke ɖe lãa ta o.
14“Ne ame aɖe ɣe ehavi ƒe nane, eye nu vevi wɔe alo wòku, esime lã tɔ meli o la, ele be wòaɖo eteƒe wòade tututu. 15Ke ne nua tɔ li hafi nua dzɔ la, ekema lãɣela la maxe naneke ɖe lãa ta o. Nenye ɖe wodae na dɔwɔwɔ la, womaxɔ naneke le esi o, elabe ɖe wodae xe fe ɖe eta.
Agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋuti sewo
16 # Mos V, 22.28, 29. “Ne ŋutsu aɖe ble ɖetugbi si ta womebia o, eye wòde asi eŋu la, ele nɛ be wòawɔ srɔ̃ɖenu ɖe eta eye wòaɖee. 17Ne ɖetugbia tɔ́ gbe be yematsɔe nɛ wòaɖe o la, ele na ŋutsua be wòaxe srɔ̃ɖenu siwo wowɔna ɖe ɖetugbi ta la ƒe fe na tɔ́a la.
18 # Mos V, 18.10, 11. “Mègana nyɔnu dzotɔ nanɔ agbe o.
19 # Mos III, 18.23; 20.15, 16; Mos V, 27.21. “Ame si dɔ kple lã la, miwui.
20 # Mos V, 17.2-7. “Ne ame aɖe sa vɔ na mawu bubu aɖe, eye menye na Aƒetɔ ɖeɖe ko o la, mitsrɔ̃e keŋkeŋ.
21 # Mos II, 23.9; Mos III, 19.33, 34; Mos V, 24.17, 18; 27.19. “Migawɔ vɔ̃ ɖe amedzro ŋu alo atee ɖe anyi o, elabe miawo hã mienye amedzro kpɔ le Egipte-nyigba dzi. 22Migafia fu ahosiwo alo tsyɔ̃evi aɖeke o. 23Ne miewɔ fu wo eye wodo ɣli yɔm la, matɔ na wo kokoko. 24Mado dɔmedzoe helihelĩ, awu mi kple yi, mia srɔ̃wo azu ahosiwo eye mia viwo azu tsyɔ̃eviwo.
25 # Mos III, 25.35-38; Mos V, 15.7-11; 23.19, 20. “Ne èdo ga na nye dukɔa me tɔ ame dahe aɖe la, mègayɔe ɖe nu abe ale si fetɔ wɔna ene o, eye mègabia deme ɖe ga la dzi hã o. 26#Mos V, 24.10-13.Ne hawòvi tsɔ eƒe awu alo avɔ ɖo awɔba na wò la, trɔe nɛ hafi ɣe naɖo to, 27elabe eya koe le esi wòtsyɔna. Ne etsi gbɔwò ɖe, nu ka hawòvi la atsyɔ amlɔ anyii? Ne efa konyi nam la, masee elabe nublanuikpɔla menye.
28 # Dɔw 23.5. “Mègado vlo Mawu o, eye mègaƒo fi de wò dukɔ ƒe dziɖula aɖeke o.
29“Mègahe ɖe megbe le agblemenuku kple wain siwo do tso wò dɔwɔwɔ me la ƒe akpa ɖe nana ŋu o.
“Mitsɔ mia viŋutsu ŋgɔgbeawo nam. 30Miwɔ nenema ke na miaƒe nyiwo kple alẽwo hã. Ne wodzi ɖe la, nenɔ nɔa gbɔ ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke enyia gbe la, mitsɔe nam.
31 # Mos III, 17.15. Ame siwo ŋu wokɔ la mianye nam, eya ta migaɖu lã si lã wɔadãwo vuvu le gbedzi la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avuwo.

Currently Selected:

Mose II 22: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo