Logo ya YouVersion
Elilingi ya Boluki

Mose II 17

17
Tsi do tso kpe me
1 # Mos IV, 20.2-13. Israelviwo ƒe ameha blibo la ho tso Sin-gbedadaƒo ɖo ta ŋgɔ. Wotɔ ɖe teƒeteƒewo le Aƒetɔ ƒe gbeɖeɖe nu. Wova ɖo Refidim mlɔeba eye woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma. Ke tsi aɖeke mele afi ma woano o. 2Eya ta wokpe dzre kple Mose gblɔ be: “Di tsi na mí ne míano.” Mose bia wo be: “Nu ka ta miele dzre wɔm kplim? Nu ka ta miele Aƒetɔ tem kpɔ?” 3Gake esi tsikɔ wu ameawo vevie le afi ma la, woƒo nu le Mose ŋu be: “Nu ka ta nèkplɔ mí dzoe le Egipte? Ɖe nèbe tsikɔ nawu míawo ŋutɔ kple mía viwo kpakple míaƒe lãwo ne míakua?” 4Ale Mose do ɣli na Aƒetɔ be: “Nu ka mawɔ na dukɔ sia? Wole klalo be yewoaƒu kpem.” 5Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Dze ŋgɔ na dukɔ la, eye nàtia Israel-me tsitsi aɖewo akpe ɖe ɖokuiwò ŋu. Tsɔ atizɔti si nètsɔ ƒo Nil dzi la ɖe asi yii. 6Kpɔ ɖa, matsi tsitre ɖe ŋkuwò me ɖe Xoreb-kpe la dzi. Ƒo kpe la ekema tsi ado tso eme be dukɔ la nano.” Mose wɔ nenema le Israel-me tsitsiawo ŋkume.
7“Dzrewɔwɔ” Mose tsɔ ŋkɔ na teƒe ma be Masa#17.7: “MASA” gɔmee nye “Tetekpɔ.” kple Meriba#17.7: “MERIBA” gɔmee nye “Dzrewɔwɔ”. elabe Israelviwo wɔ dzre eye wote Aƒetɔ kpɔ le afi ma bia be: “Ɖe Aƒetɔ le mía dome loo, alo meli o?”
Amalekitɔwo wɔ aʋa kple Israelviwo
8Esia megbe Amalekitɔwo wɔ aʋa kple Israelviwo le Refidim. 9Tete Mose gblɔ na Yosua be: “Tia ŋutsu aɖewo na mí ne miayi aɖakpe aʋa kple Amalek etsɔ. Nye la, maɖatsi tsitre ɖe togbɛ la tame alé Mawu ƒe atizɔti la ɖe asi.” 10Ale Yosua wɔ abe ale si Mose gblɔ nɛ la ene eye wowɔ aʋa kple Amalek. Ke Mose, Aron kple Xur ya yi ɖe togbɛ la tame. 11Ne Mose kɔ asi dzi la, Israelviwo ƒe alɔ yia dzi, ne eɖiɖi asi ɖe anyi la, ekema Amalekitɔwo ƒe alɔ yia dzi. 12Ke abɔ va ku ɖe Mose ŋu, ale wotsɔ kpe va de ete, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi. Aron kple Xur lé eƒe asiwo ɖe dzi; ame ɖeka le axa ɖeka dzi eye ame evelia le axa kemɛ dzi. Ale wolé eƒe asiwo ɖe te, va se ɖe esime ɣe ɖo to. 13Yosua fiti Amalek kple eƒe aʋakɔ la kple yi keŋkeŋ.
14 # Mos V, 25.17-19; Sam I, 15.2-9. Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ŋlɔ nu sia ɖe agbalẽ me hena ŋkuɖoɖo edzi, eye nàkui ɖe to me na Yosua, elabe matsrɔ̃ Amalek ŋkɔ ɖa le xexea me keŋkeŋ. 15Mose ɖi vɔsamlekpui eye wòna ŋkɔe be “Aƒetɔ nye nye aflaga, 16hegblɔ be, “Asi le Aƒetɔ ƒe aflaga dzi! Aƒetɔ awɔ aʋa kple Amalek tso dzidzime yi dzidzime.” #17.15-16: Enye futɔwo dziɖuɖu le aʋagbedzi ƒe dzesi. Ale “Aƒetɔ ye nye nye aflaga” gɔme kpuie koe nye “Aƒetɔ ye nye ame si nana be meɖua dzi.”

Currently Selected:

Mose II 17: EB14

Tya elembo

Kabola

Copy

None

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo