Mose II 1
1
Wowɔ funyafunya Israelviwo le Egipte
1 #
Mos I, 46.8-27. Israel viŋutsu siwo yi Egipte kple Yakob la ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna. Ɖe sia ɖe yi kple eƒemetɔwo:#1.1: Mawunyagbalẽ xoxo aɖe ya be bla adrẽ vɔ atɔ̃ (kpɔ Dɔw 7.14) 2Ruben, Simeon, Levi, Yuda, 3Isaxar, Zebulon, Benyamin, 4Dan, Naftali, Gad kple Aser. 5Yakob vi kple tɔgbuiyɔvi siawo katã ƒe xexlẽme de bla adrẽ.#1.5: “Israel viŋutsu” gɔme hãe nye “Yakob viŋutsu” elabe Mawu trɔ ŋkɔ na Yakob be “Israel.” Kpɔ Mos I, 32.27-28 alo ava ɖu amegã ɖe mía dzi. Via Yosef ya nɔ Egipte xoxo. 6Yosef kple nɔvia ŋutsuawo kpakple dzidzime ma katã va ku. 7#Dɔw 7.17. Ke Israelviwo va dzi fũu. Wova sɔ gbɔ hekpɔ ŋusẽ ale gbegbe, eye wokaka ɖe anyigba la ƒe afi sia afi.
8 #
Dɔw 7.18. Eva eme be fia yeye aɖe si menya naneke le Yosef ŋu o la va zi dzi le Egipte. 9Eya gblɔ na eƒe dukɔ la be: “Mikpɔ ɖa, Israelviwo va sɔ gbɔ wu mí. Wole ŋusẽ hã kpɔm wu mí. 10#Dɔw 7.19. Mina míadze aye ɖe wo ŋu, be womagadzi fũu ɖe edzi o. Ne menye nenema o, ne aʋa dzɔ la, woava de míaƒe futɔwo dzi ɖe mía ŋu, akpɔ mɔnu así dzo le míaƒe anyigba la dzi.” 11Ale Egiptetɔwo tia dɔdzikpɔlawo ɖo Israelviwo nu be woawɔ funyafunya wo, aɖo dɔ sesẽ na wo. Wona Israelviwo tsò nudzraɖodu na Egipte Fiagã la. Du siawoe nye Pitom kple Ramses. 12Gake zi geɖe ale si Egiptetɔwo le Israelviwo tem ɖe anyi la, nenema ke wole dzidzim ɖe edzi, le ta kekem wu. Ale Egiptetɔwo de asi vɔvɔ̃ me na Israelviawo. 13Esia dɔ Egiptetɔwo be wogazi Israelviwo dzi wu, eye wona wowɔ dɔ kutɔkutɔe. 14Wote wo ɖe anyi kple dɔ sesẽ wɔwɔ ale gbegbe be agbenɔnɔ ve helihelĩ le woƒe ve me. Egiptetɔwo na Israelviwo nya anyi tsɔ me anyikpee. Wo zi wo dzi wowɔ agbledɔ vovovowo hã. Wona wowɔ dɔ siawo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
15Tete Egipte Fiagã la gblɔ na Hebri-vixela siwo ƒe ŋkɔwoe nye Sifra kple Pua la be: 16Ne miele vi xem na Hebri-nyɔnu aɖe, eye miekpɔ be ŋutsu dzim wòle la, miwu ɖevia; ke nenye nyɔnu dzim wòle la, mina ɖevia natsi agbe.” 17Gake vixelaawo vɔ̃a Mawu, eya ta womewɔa fia la ƒe sea dzi o; ke boŋ wonana be ŋutsuviawo tsia agbe. 18Ale Egipte Fiagã yɔ vixelaawo, eye wòbia wo be: “Nu ka ta miena ŋutsuviawo le agbe tsim?”
19Vixelaawo ɖo eŋu na Egipte Fiagã be: “Hebri-nyɔnuwo mele abe Egipte-nyɔnuwo ene o. Ŋusẽ le wo ŋu ŋutɔ, ale be kasia vixela naɖo Hebri-nyɔnu si le ku lém la gbɔ la, eya ŋutɔ dzi via xoxo.” 20Ale Mawu wɔ nyui na vixelaawo. Dukɔ la dzi ɖe edzi hesẽ ŋu hã. 21Esi vixelaawo vɔ̃a Mawu ta la, ena woƒe ƒomewo li ke. 22#Dɔw 7.19. Tete Egipte Fiagã de se na eƒe dukɔ blibo la be: “Ne Hebri-nyɔnu dzi ŋutsuvi la, mitsɔ ɖevia ƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi me; ke ne edzi nyɔnuvi la, mina ɖevia natsi agbe.”
Currently Selected:
Mose II 1: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.