1
Yohanes 6:35
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Yesu gblɔ na wo bena: Nyee nye agbebolo la, amesi vaa gbɔnye la, dɔ mele ewu ge akpɔ o; eye amesi le dzinye xɔm le sesem la, tsikɔ mele ewu ge akpɔ o.
비교
Yohanes 6:35 살펴보기
2
Yohanes 6:63
Gbɔgbɔ ta gbɔa agbe, ŋutilã menyo na naneke o; nya, siwo megblɔ na mi la, Gbɔgbɔ kple agbe wonye.
Yohanes 6:63 살펴보기
3
Yohanes 6:27
Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!.
Yohanes 6:27 살펴보기
4
Yohanes 6:40
Elabena esiae nye Fofonye la ƒe lɔlɔ̃nu, bena amesiame, si le Via kpɔm, eye wòle edzi xɔm le sesem la, akpɔ agbe mavɔ, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Yohanes 6:40 살펴보기
5
Yohanes 6:29
Yesu ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Esiae nye Mawu ƒe dɔwɔwɔ la bena, miaxɔ amesi wòdɔ ɖa la, dzi ase.
Yohanes 6:29 살펴보기
6
Yohanes 6:37
Nusianu, si Fofo la tsɔ nam la, ava gbɔnye, eye amesi vaa gbɔnye la, nyemale eƒu ge gbe akpɔ o.
Yohanes 6:37 살펴보기
7
Yohanes 6:68
Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.
Yohanes 6:68 살펴보기
8
Yohanes 6:51
Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne amea ɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe; eye abolo, si na ge mala ɖe xexeame ƒe agbe ta la, enye nye ŋutilã.
Yohanes 6:51 살펴보기
9
Yohanes 6:44
Amea ɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm da lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.
Yohanes 6:44 살펴보기
10
Yohanes 6:33
Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame.
Yohanes 6:33 살펴보기
11
Yohanes 6:48
Nyee nye agbebolo la.
Yohanes 6:48 살펴보기
12
Yohanes 6:11-12
Eye Yesu tsa aboloawo heda akpe le wo ta, eye wòtso wo na amesiwo le anyinɔƒe; nenema ke hã wòna tɔmelã memee wo geɖe alesi nu dim wole. Ke esi woɖi ƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Miƒo kakɛ, siwo susɔ la, nu ƒu, bena naneke nagagblẽ o.
Yohanes 6:11-12 살펴보기
13
Yohanes 6:19-20
Eye esi woku ʋu la anɔ stadio blave vɔ atɔ̃ alo blaetɔ̃ la, wokpɔ Yesu le ƒua dzi zɔm gbɔna, eye wòle tetem ɖe nu la ŋu, eye wovɔ̃. Ke egblɔ na wo bena: Nyee nye esi, migavɔ̃ o hee!
Yohanes 6:19-20 살펴보기
홈
성경
묵상
동영상