1
Luka 23:34
EƲEGBE BIBLIA
EB14
[Tete Yesu gblɔ be: “Tɔ́, tsɔe ke wo elabe womenya nu si wɔm wole o.” ] Wodzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi, eye woma wo ɖe wo nɔewo dome.
Confronta
Esplora Luka 23:34
2
Luka 23:43
Yesu gblɔ nɛ be: “Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be ànɔ Paradiso la me kplim egbe!”
Esplora Luka 23:43
3
Luka 23:42
Tete wògblɔ na Yesu be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.”
Esplora Luka 23:42
4
Luka 23:46
Yesu do ɣli sesĩe be: “Tɔ́, asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ dee!” Esi wògblɔ esia ko la, emia nu.
Esplora Luka 23:46
5
Luka 23:33
Esi woɖo teƒe si woyɔna be: “Ametakoliƒe” la, woklã eya kple adzodalaawo ɖe atitsoga ŋuti le afi ma; ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.
Esplora Luka 23:33
6
Luka 23:44-45
Azɔ anɔ abe ŋdɔ ga wui eve me ene la, viviti do ɖe xexea me katã va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me. Ɣe ƒe keklẽ nu tso, eye mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve siã.
Esplora Luka 23:44-45
7
Luka 23:47
Esi asrafoawo dzikpɔla kpɔ nu si dzɔ la, ekafu Mawu gblɔ be: “Nyateƒe, ame sia la, ame dzɔdzɔe wònye!”
Esplora Luka 23:47
Home
Bibbia
Piani
Video