Mose I 4

4
Kain kple Abel
1Azɔ la, Adam dɔ kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain. Xawa gblɔ be: “Aƒetɔ ɖi nam be medzi ŋutsu.” 2Emegbe edzi Abel, nɔvia ŋutsu. Abel va zu lãnyila, eye Kain ya zu agbledela. 3Gbe ɖeka la, Kain tsɔ nuku si wòŋe tso eƒe agble me la ƒe ɖe va sa vɔe na Aƒetɔ. 4#Heb 11.4. Abel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi siwo da ami la va sa vɔe na Aƒetɔ. Aƒetɔ kpɔ ŋudzedze le Abel kple eƒe nunana la ŋu, 5ke Kain kple eƒe nunanaa ya medze eŋu o. Ale Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã. 6Tete Aƒetɔ gblɔ na Kain be: “Nu ka ta nèbi dzi, heɖo adã nenema? 7Ne èwɔ nyui la, ɖe womakpɔ ŋudzedze le ŋuwò oa? Evɔ ne mèwɔ nyui o la, nuvɔ̃ de xa ɖe wò ʋɔtru nu. Edi be yeaɖu dziwò, ke wò la, ele be nàɖu edzi.”
8 # Nya 10.3; Mat 23.35; Luk 11.51; Yoh I, 3.12. Ke Kain gblɔ na nɔvia Abel be: “Va míyi agble.”#4.8: Va míyi agble mele mawunyagbalẽ xoxo aɖewo ya me o. Esi woyi la, Kain trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòwui. 9Aƒetɔ bia Kain be: “Nɔviwò Abel ɖe?” Eɖo eŋu be: “Nyemenya o. Nɔvinye dzikpɔla menyea?” 10#Heb 12.24. Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu le ɣli dom le anyigba dzi le yɔyem. 11Ke azɔ la, woƒo fi de wò wu anyigba si ke nu, no nɔviwò ƒe ʋu si nèkɔ ɖe edzi la. 12Ne ède agble ɖe anyigba dzi la, magawɔ nu na wò nyuie o. Tsatsala kple sitsoƒedila ko nye ge nàla le anyigba dzi.” 13Kain gblɔ na Aƒetɔ be: “Nye tohehe la wu tsɔtsɔ nam. 14Kpɔ ɖa, ènyàm ɖa tso agbledenyigba dzi egbe, eye wòle nam be mabu ɖa le ŋkuta na wò. Mazu sisíla kple tsatsala le anyigba dzi, eye ame sia ame si do gom ko la, awum.” 15Ke Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Mele nenema o. Ame sia ame si wu Kain la, woabia hlɔ̃e zigbɔzi adrẽ.” Ale Aƒetɔ de dzesi tɔxɛ Kain ŋu be, ne ame aɖe kpɔe la, mawui o. 16Kain dzo le Aƒetɔ ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nod-nyigba#4.16: NOD: Egɔmee nye tsatsaƒe. dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe.
Kain ƒe dzidzimeviwo
17Esia megbe Kain dɔ kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi Henox. Etso du, eye wòtsɔ via ƒe ŋkɔ, Henox, na dua hã. 18Henox dzi viŋutsu si ŋkɔe nye Irad. Eya dzi Mehuyael. Mehuyael dzi Metusael, eye Metusael dzi Lamex. 19Lamex ɖe srɔ̃ eve; gbãtɔ ŋkɔe nye Ada, eye evelia ŋkɔe nye Zila. 20Ada dzi Yabal, ame si nye avɔgbadɔmenɔla siwo nye lãnyilawo la ƒe tɔgbuitɔgbui. 21Nɔvia ŋkɔe nye Yubal, ame si nye kasaŋkuƒola kple dzekulawo ƒe tɔgbuitɔgbui. 22Lamex srɔ̃ evelia, Zila, dzi Tubalkain, si tsɔa akɔbli kple ga yibɔ tua nu vovovowoe. Tubalkain nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Naama.
23Lamex gblɔ na srɔ̃awo be:
“Ada kple Zila, mise ɖa,
mi Lamex srɔ̃wo, miɖo to miase
nya si gblɔ ge mele.
Mewu ŋutsu aɖe
elabe ede abi ŋunye.
Mewu ɖekakpui aɖe
elabe eƒom.
24Ne wobia hlɔ̃ Kain wula,
zigbɔzi adrẽ la,
le nyateƒe me la,
woabia hlɔ̃ Lamex zi bla adrẽ vɔ adrẽ.”
Set kple Enos dzidzi
25Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi viŋutsu. Srɔ̃a gblɔ be: “Mawu na medzi vi bubu ɖe Abel, ame si Kain wu la, teƒe.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Set. 26Wodzi viŋutsu na Set hã, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Enos. Ɣe ma ɣi mee amewo dze gbedodoɖa gɔme na Aƒetɔ.

वर्तमान में चयनित:

Mose I 4: EB14

हाइलाइट

शेयर

कॉपी

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion आपके अनुभव को वैयक्तिकृत करने के लिए कुकीज़ का उपयोग करता है। हमारी वेबसाइट का उपयोग करके, आप हमारी गोपनीयता नीति में वर्णित कुकीज़ के हमारे उपयोग को स्वीकार करते हैं।