Dɔwɔwɔwo 7
7
Stefano ƒe nyagbɔgblɔ kplu kpeƒuƒui, eƒe ŋutegakpɔkpɔ.
1Azɔ nunɔlagã la gblɔ bena: Ele me nenema?
2Eye eya gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwò kple fofowo, miɖo to! Ŋutikɔkɔe ƒe Mawu la ɖe eɖokui fia mía fofo Abraham, esime wòle Mesopotamia, hafi wòva nɔ Xaran, 3eye wògblɔ nɛ bena: „Ʋu tso wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi.“ 4Tete la esi wòdo go tso Kaldea-nyigba dzi la, eva nɔ Xaran; le fofoa ƒe ku megbe la ena wòʋu va anyigba sia, si dzi miele azɔ la dzi; 5eye mena domenyinyia ɖekee ɖe edzi o, menye afɔ ɖeka ƒe kekeme hã o; eye wòɖo ŋugbe bena, yeatsɔe anae wòanye eya kple eƒome, si gbɔna le emegbe la to, esi vi mele esi haɖe o. 6Ke ale Mawu ƒo nu enye esi bena, eƒe dzidzimeviwo anye amedzrowo le dzronyigba dzi, eye woawo wo kluviwoe, eye woasẽ ŋutɔ le wo ŋu ƒe alafa ene sɔŋ. 7Eye dukɔ, si woanye kluviwo na la, nye la madrɔ̃ ʋɔnui, Mawue gblɔe. Eye nusiawo megbe la woaɖo go, eye woasubɔm le teƒe sia. 8Eye wòna aʋatsotso ƒe nubablae, eye ale wòdzi Isak, eye wòtso aʋa nɛ le ŋkeke enyiagbe; eye Isak dzi Yakob, eye Yakob dzi tɔgbui wuieveawo.
9Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii, 10eye woɖee tso eƒe xaxawo katã me; eye wòna amenuveve kple nunyae le Farao, Egipte-fia la ƒe ŋku me, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Egipte kple eƒeme blibo la katã dzi. 11Eye dɔwuame va Egipte kple Kanaan-nyigba blibo la katã dzi kple xaxa gãa ɖe, eye mía fofowo mekpe nuɖuɖu o. 12Eye esi Yakob se bena, bli le Egipte la, edo mía fofowo ɖa zi gbãtɔ. 13Eye zi evelia Yosef na nɔviawo dze sii, eye Farao hã va nya Yosef ƒe ƒome. 14Eye Yosef do woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒome la katã, wole luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃ la, vɛ ne. 15Eye Yakob dzo yi Egipte, eye woku, eya ŋuta kple mía fofoawo; 16eye wotsɔ wo va Sixem, eye wotsɔ wo mia yɔdo, si Abraham tso klosalo ƒlee le Xemor-viwo si le Sixem la me.
17Ke esi ŋugbedodo ƒe ɣeyiɣi, si dzi Mawu kã ɖo na Abraham ɖo la, dukɔ la dzi, eye wosɔ gbɔ le Egipte, 18vaseɖe esime fia bubu tsi tre le Egipte, amesi menya Yosef o. 19Amesia ɖo aye ɖe míaƒe ƒome la ŋu, eye wosẽ ŋuta ɖe mia fofowo ŋu, eye wòna bena, woɖe woƒe vidzĩewo ɖa, bena woaganɔ agbe o. 20Le ɣemaɣi me la wodzi Mose, eye wòdze ɖeka le Mawu ƒe ŋku me, eye wònyii te fofoa ƒe me ɣleti etɔ̃ sɔŋ: 21ke esime woɖee ɖa la, Farao ƒe vinyɔnuvi la fɔe, eye wònyii, be wòanye eya ŋuta via. 22Eye wotia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye wòsẽ ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me. 23Eye esi wòxɔ ƒe blane la, eɖo tame be, yeaɖakpɔ nɔvia Israel-viwo ɖa. 24Eye esi wòkpɔ be, wole nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe wo dometɔ ɖeka ŋu la, exɔ nɛ, eye wòɖo hlɔ̃ ɖe aka na amesi wote ɖe anyi, esi wowu Egiptetɔ la; 25eye wobu xa bena, nɔvia wo ase egɔme bena, Mawu ato yeƒe asi dzi ana ɖeɖe wo; ke womese egɔme o. 26Eye esi ŋu gake la, eva ɖo ɖe wo dzi, le esime wole kɔ dam, eye wòlé avu wo gblɔ bena: „Ŋutsuwo, nɔviwò míenye! Nukaŋuti miele nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe mia nɔewo ŋu?“ 27Ke amesi le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe xɔlɔ̃via ŋu la, tu asii ɖa gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula alo ʋɔnudrɔ̃la ɖe mia dzi mahã? 28De nebe, yeawu nye hã, abe alesi newu Egiptetɔ la etso enea?“ 29Ke Mose si le nya sia nu, eye wòzu amedzro le Midian-nyigba dzi, afisi wòdzi ŋutsuvi eve le. 30Eye le ƒe blane megbe la Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le Sinai-tɔ la ƒe gbedzi le dzo ƒe aɖe me le ŋuve me. 31Eye esi Mose kpɔe la, eƒe mo wo yaa le nukpɔkpɔ la ŋuti, ke esi wote ɖe eŋu, be yeakpɔe nyuie la, Aƒetɔ la ƒe gbe ɖi va: egbɔ bena: 32„Nyee nye fofowòwo ƒe Mawu la, Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la.“ Ke Mose dzo nyanyanya, eye medo dzi be, yeakpɔe nyuie o. 33Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: „Ɖe atokotawo le wò afɔ; elabena afisi nèle tsi tre ɖo la, anyigba kokoe ye. 34Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“ 35Mose sia, tsi gbe wogbe nu le gblɔ bena: „Amekae ɖo wò dziɖula kple ʋɔnudrɔ̃la la,“ eya Mawu do abe dziɖula kple ɖela ene to mawudɔla, si ɖe eɖokui fiae le ŋuvea me la ƒe asi dzi. 36Amesia kplɔ wo do goe, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesiwo le Egipte-nyigba dzi kple Ƒudzie la nu kpakple gbedzi ƒe blane sɔŋ. 37Eya kee nye Mose, si gblɔ na Israel-viwo bena: „Aƒetɔ, miaƒe Mawu, la, ana nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi tso mia nɔviawo dome abe nye ene, eya miaɖo toe.“ 38Eyae nye amesi no ha la dome le gbedzi kple mawudɔla la, esi wòƒo nu ne le Sinai-to ta ŋuti kple mia fofowo, amesi xɔ agbenyawo be, yeana mí; 39amesi mia fofowo melɔ̃ be, yewoaɖo toe o, hafi boŋ wotu asii ɖa, eye wòtrɔ yi ɖe Egipte le woƒe dziwo me 40hegblɔ na Aron bena; „Wo mawu, siwo azɔ mia ŋgɔ la, na mi: elabena Mose sia, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la, mienyã nusi wòe o.“ 41Eye wowɔ nyivi le ŋkeke mawo me, eye womè nu na legba, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu. 42Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia? 43Ẽ, mietsɔ Molox ƒe agbadɔ kple mawu Romfan ƒe ɣletivi, nɔnɔme, siwo miewɔ, be miasubɔ la, ɖe asi eye made asi le mia ŋu, be miayi Babilonia godoo.“
44Ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la nɔ mía fofowo dome le gbeadzi, abe alesi amesi ƒo nu kple Mose la ɖo, bena wòawɔe le nɔnɔme, si wòkpɔ la nu ene. 45Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi, 46amesi kpɔ amenuveve le Mawu ƒe ŋku me, eye wòɖe kuku bena, yeakpɔ nɔƒea ɖe na Yakob ƒe Mawu la. 47Ke Salomo tu xɔ ne: 48Gake nuwokatãtaƒola la menɔa nusi wowɔ kple asi la me o, abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene bena: 49„Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu; xɔ ka ƒomevi lu ge míala nama? Aƒetɔ la gblɔe, alo afikae nye dzudzɔƒe nama? 50Alo menye nye asie wɔ nusiawo katã oa?“ 51Mi kɔlialiatɔwo kple amesiwo ƒe dzi kple to sẽ, ɖaa mietsi tre ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu; alesi mia fofowo wɔ la, nenema ke wɔm miawo hã miele. 52Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ; 53mi amesiwo xɔ se la le mawudɔlawo ƒe ɖoɖo nu, eye mielé wo me ɖe asi o.
Stefano ƒe ku.
54Tete la esi wose nya siawo la, eɖu dzi na wo, eye woɖu aɖukli ɖe eŋu. 55Ke eya la, esi Gbɔgbɔ kɔkɔe la vɔe fũ la, ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, mekpɔ dziƒo nu ʋu, eye Amegbetɔvi la le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me. 56Ke woawo do ɣli kple gbe sesẽ, eye woxe asi to me, eye wolũ ɖe edzi kple tame ɖeka, eye wotu asi ʋume nɛ do go le dua me, eye woƒu kpee; 57eye ɖaseɖilawo da woƒe awuwo ɖe ɖekakpuia ɖe, si woyɔna be Saul la ƒe afɔ nu. 58Eye woƒu kpe Stefano, si le gbe dom ɖa le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ Yesu, xa nye gbegbe la! 59Eye esi wòdze klo la, edo ɣli kple gbe sesẽ bena: Aƒetɔ, megado nuvɔ̃ sia teƒe na wo o! Eye esi wògblɔ esia la, eto me do alɔ̃.
वर्तमान में चयनित:
Dɔwɔwɔwo 7: EWERV
हाइलाइट
शेयर
कॉपी

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.