Dɔwɔwɔwo 3
3
Petro kple Yohanes ƒe gbedada le tekunɔa ɖe ŋu.
1Eye Petro kple Yohanes woyi ɖe mawuxɔ me le gbedoɖaɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia dzi. 2Eye wotsɔ ŋutsua ɖe, si nye tekunɔ tso dadaa ƒe dome ke la ve, amesi wotsɔna dana ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru, si woyɔna be nyui la nu gbesiagbe, be wòabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me la si. 3Eya la, esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe mawuxɔa me la, ebia nunana wo. 4Ke Petro kple Yohanes wokpɔe du gblɔ bena: Kpɔ mi ɖa! 5Eye wòlé ŋku ɖe wo dzi gã, bu xa bena, yeaxɔ nane le wo si. 6Ke Petro gblɔ bena: Klosalo kple sika mele asinye o; gake nusi le asinye la, eya mana wò: Le Yesu Kristo, Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa me tsi tre, eye nazɔ azɔli! 7Eye esi wòlé eƒe nuɖusi la, ekɔe ɖe dzi, eye enumake ŋusẽ ɖo eƒe afɔwo kple afɔkɔewo me. 8Eye woti kpo hele tsitre nu, eye wozɔ azɔli; eye wòyi ɖe mawuxɔa me kpli wo le tsatsam hele du ƒum, eye wòle Mawu kafum. 9Eye dukɔ blibo la katã kpɔe wòle azɔli zɔm, eye wòle Mawu kafum. 10Ke wodze sii bena, eyae nye amesi nɔ anyi ɖe mawuxɔ la ƒe ʋɔtru nyui la nu le nubiabia ta, eye wotsi yaa, eye kuvia ɖo wo ŋutɔ le nusi va; ve me la ŋuti.
Petro ƒe ɖaseɖiɖi le Yesu Kristo ŋu hena dzimetɔtrɔ.
11Eye esi wòmiã eɖokui ɖe Petro kple Yohanes ŋu la, dukɔ blibo la katã si du va ƒo ƒu ɖe wo gbɔ le akpata, si woyɔna be Salomo ƒe akpata la me, eye woƒe nu ku. 12Eye esi Petro kpɔe la, egblɔ na dukɔ la bena: Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mia dzi gã, abe ɖe mieto mia ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene? 13Abraham kple Isak kple Yakob ƒe Mawu la, mia fofowo ƒe Mawu la, kɔ eƒe dɔla Yesu ŋuti, amesi miawo mietsɔ de asi, eye miegbe nu le egbɔ le Pilato ƒe ŋku me, esi ame ma tso afia bena, yeaɖe asi le eŋu. 14Ke miawo la miegbe nu le kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ la gbɔ, eye mieɖe kuku be, woatsɔ amewula ana mi, 15eye miewu agbefia la, amesi Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, esi ƒe ɖaseɖilawo miawo míenye. 16Eye eƒe ŋkɔ la do ŋusẽ amesia, si kpɔm miele, eye mienya la, hena eƒe ŋkɔ dzi xɔse; eye dzixɔse, si to eyama dzi la, na lãmesesẽ blibo sia le mi katã ƒe ŋku me. 17Eye azɔ la, nɔviŋutsuwo, menya bena, miewɔe le numanyamanya me abe miaƒe dziɖulawo hã ene. 18Ke ale Mawu wu nya, siwo wògblɔ ɖi to eƒe nyagblɔɖilawo katã ƒe nu me bena, eƒe Kristo akpe fu la nu.
19Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, 20bena ne gbɔɖemeɣi nava tso Aƒetɔ la ƒe ŋku me, eye wòadɔ Kristo Yesu, si woɖo ɖi na mi la ɖa. 21Amesi wòle na dziƒo be, wòaxɔ tsã vaseɖe nuwo katã ƒe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi, esiwo ŋuti Mawu ƒo nu le, to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo katã ƒe nu me tso xexeme ƒe gɔmedzedzea me la. 22Mose gblɔ na fofoawo bena: „Aƒetɔ, mía Mawu la, ana be, nyagblɔɖilaa ɖe natsi tre na mi abe nye ene tso mia nɔviwo dome, eya la miaɖo toe le nusiwo katã wòagblɔ na mi la me. 23Ke ava me bena, luʋɔ sia luʋɔ, si maɖo to nyagblɔɖila ma o la, woatsɔe keŋ tso dukɔ la dome.“ 24Eye nyagblɔɖilawo katã tso Samuel dzi vaseɖe amesiwo katã dze eyome dzi, ame geɖe alesi nu ƒo nu la, wogblɔ nya fia le ŋkeke siawo hã ŋuti. 25Miawoe nye nyagblɔɖilawo kple nubabla, si Mawu bla kple mia fofowo ƒe viwo, esi wògblɔ na Abraham bena: „Eye le wò ƒome la me woayra anyigba dzi ƒomewo katã le.“ 26Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.
वर्तमान में चयनित:
Dɔwɔwɔwo 3: EWERV
हाइलाइट
शेयर
कॉपी

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.