Logo YouVersion
Eicon Chwilio

1 Mose 45

45
Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo
1Yosef magate ŋu aɖu eɖokui dzi azɔ o. Eɖe gbe na eŋumewo katã be, “Ame sia ame nado go.” Ale eya kple nɔviawo koe susɔ. 2Tete wòde asi avifafa me sesĩe. Egiptetɔwo se eƒe avifafa le fiasã la me, eye eƒe avifafa ƒe nya ɖo Fia Farao ƒe fiasã me enumake.
3Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o.
4Egblɔ na wo be, “Mite va gbɔnye.” Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, “Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte! 5Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe. 6Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o. 7Mawu ɖom ɖe afi sia be mana miawo kple miaƒe ƒometɔwo miatsi agbe, ale be miate ŋu azu dukɔ gã aɖe.
8“Ɛ̃, Mawue ɖom ɖe afi sia, menye miawoe o. Ewɔm aɖaŋuɖolae na Farao, eye wòna mezu dzikpɔla na dukɔ la katã kple Egiptenyigba blibo la dzi ɖula.
9“Miɖe abla miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ be viwò Yosef be, ‘Mawu ɖom amegãe ɖe Egiptenyigba blibo la dzi. Va gbɔnye fifi laa! 10Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye. 11Makpɔ dziwò le afi ma, elabena ƒe atɔ̃ ƒe dɔwuame gale mía ŋgɔ. Ne menye nenema o la, wò kple wò aƒemetɔwo kple ame siwo katã nye tɔwòwo la, miazu dɔwuitɔwo.’
12“Miawo ŋutɔ miate ŋu akpɔe, eye nenema ke nɔvinye Benyamin hã, be nye tututue nye ame si le nu ƒom na mi la.
13“Migblɔ ŋusẽ si le asinye le Egipte kple ale si ame sia ame ɖoa tom la na mía fofo, eye miakplɔe vɛ nam kaba.”
14Tete wòde asi dzidzɔvifafa me. Ekpla asi kɔ na Benyamin, eye eya hã de asi avifafa me. 15Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.
Farao ɖe mɔ be Yosef nana eƒe ƒometɔwo nava Egipte
16Nya la ɖo Farao gbɔ be, “Yosef nɔviwo va.” Esi Farao kple eŋumewo se nya sia la, dzi dzɔ wo ŋutɔ.
17Farao gblɔ na Yosef be, “Gblɔ na nɔviwòwo be woado agba na woƒe tedziwo enumake, atrɔ ayi wo de le Kanaan kaba, 18eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’ 19Gblɔ na nɔviwòwo be woatsɔ tasiaɖamwo tso Egipte be woakɔ wo srɔ̃wo kple ɖeviwo, eye woakplɔ wo fofo va afi sia. 20Migatsi dzi ɖe nu siwo le mia si la ŋu o, elabena Egipte ƒe anyigba nyuitɔ zu mia tɔ.”
21Yosef tsɔ tasiaɖamwo na Israel ƒe viwo abe ale si Farao gblɔ ene, eye wòtsɔ nu si woaɖu le mɔzɔzɔ me la hã na wo. 22Etsɔ awu yeyewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe, ke etsɔ awudodo atɔ̃ kple klosalo alafa atɔ̃ na Benyamin. 23Ena tedzi ewo tsɔ nu nyui siwo le Egipte la yi na fofoa, eye wògana tedzi ewo bubu tsɔ bli kple nuɖuɖu vovovowo yi nɛ be wòaɖu le mɔa dzi. 24Ale wòdo mɔ nɔviawo.
Nya mamlɛtɔ si Yosef gblɔ na nɔviawo lae nye, “Migawɔ dzre le mɔa dzi o hee!” 25Ale wodzo le Egipte trɔ yi Kanaanyigba dzi le wo fofo Yakob gbɔ.
26Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o. 27Ke esi wogblɔ nya siwo Yosef be woagblɔ nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam siwo me nuɖuɖu si Yosef ɖo ɖee le la, Yakob ƒe dzi ɖo eme azɔ.
28Israel gblɔ be, “Nyateƒee, vinye Yosef le agbe, mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku.”

Dewis Presennol:

1 Mose 45: AL

Uwcholeuo

Rhanna

Copi

None

Eisiau i'th uchafbwyntiau gael eu cadw ar draws dy holl ddyfeisiau? Cofrestra neu mewngofnoda