Logo YouVersion
Eicon Chwilio

1 Mose 39:7-9

1 Mose 39:7-9 AL

Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye. Yosef gbe hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ ka ɖe dzinye, eye wòtsɔm ɖo eƒe aƒemenuwo katã nu. Ŋusẽ megale esi wum le aƒe sia me o! Meɖe naneke le nye dzikpɔkpɔ te o, negbe wò ko, elabena srɔ̃e nènye. Aleke mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi, ŋutasẽnu sia tɔgbi? Anye nu vɔ̃ gã aɖe mawɔ ɖe Mawu ŋu.”