1
1 Mose 49:10
Agbenya La
Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu.
Cymharu
Archwiliwch 1 Mose 49:10
2
1 Mose 49:22-23
“Yosef nye kutsetseti aɖe si le tsi dzidzi to, eɖe alɔwo, eye wòɖo vɔvɔli ɖe gliwo dzi. Ame siwo da aŋutrɔe, eye woti eyome la wɔ nuvevii.
Archwiliwch 1 Mose 49:22-23
3
1 Mose 49:24-25
Gake eƒe asi li ɖe eƒe dati ŋu goŋgoŋ eye eƒe asi le tsɔtsɔm elabena Yakob ƒe Mawu Ŋusẽkatãtɔ, alẽkplɔla la kple Israel ƒe Agakpe Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ
Archwiliwch 1 Mose 49:24-25
4
1 Mose 49:8-9
“Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò. Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe?
Archwiliwch 1 Mose 49:8-9
5
1 Mose 49:3-4
“Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu. Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.
Archwiliwch 1 Mose 49:3-4
Gartref
Beibl
Cynlluniau
Fideos