1
1 Mose 35:11-12
Agbenya La
Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi fũu, eye nàzu dukɔ gã aɖe. Dukɔ geɖewo kple fia geɖewo ado tso wò dzidzimeviwo me. Mana anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la nazu tɔwò, eye wòava zu wò dzidzimeviwo tɔ.”
Cymharu
Archwiliwch 1 Mose 35:11-12
2
1 Mose 35:3
Eyi edzi be, “Elabena míele Betel yim, eye maɖi vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma na Mawu si se nye gbedodoɖawo le nye xaxaɣi, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la.”
Archwiliwch 1 Mose 35:3
3
1 Mose 35:10
Mawu gblɔ nɛ be, “Wò ŋkɔe nye Yakob, gake womagayɔ wò azɔ be Yakob si gɔmee nye ‘Amebala’ o, ke boŋ woayɔ wò azɔ be Israel si gɔmee nye ‘Ame si te kame kple Mawu.’
Archwiliwch 1 Mose 35:10
4
1 Mose 35:2
Eya ta Yakob gblɔ na eŋumewo katã be woagblẽ aklamakpakpɛ siwo katã wotsɔ ɖe asi vɛ la ɖi, woale tsi, eye woaɖɔli woƒe awuwo.
Archwiliwch 1 Mose 35:2
5
1 Mose 35:1
Mawu gblɔ na Yakob be, “Ʋu le afi sia nàyi aɖanɔ Betel, eye nàɖi vɔsamlekpui, asubɔ Mawu si ɖe eɖokui fia wò le esime nèsi le fowò Esau nu la!”
Archwiliwch 1 Mose 35:1
6
1 Mose 35:18
Esime Rahel nɔ kudɔ ƒom la, ena ŋkɔ ɖevi la be, “Ben Oni” si gɔmee nye “Nye Konyifafa ƒe Vi,” eye wòku. Yakob ya na ŋkɔ ɖevi la be “Benyamin” si gɔmee nye “Nye Nuɖusi ƒe Vi.”
Archwiliwch 1 Mose 35:18
Gartref
Beibl
Cynlluniau
Fideos