Mawu ana dziƒozãmu kple anyigba wɔnu wò, eye àkpɔ bli kple wein geɖe fũ ŋutɔ. Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!