1
Mose I 21:1
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Ke Yehowa ɖo ŋku ŋugbe, si wòɖo na Sara la dzi, eye Yehowa wɔ na Sara, abe alesi wògblɔ ene.
Compara
Explorar Mose I 21:1
2
Mose I 21:17-18
Ke Mawu se ɖevia ƒe avifafa, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ bena: Hagar, nuka le wɔwòm? Megavɔ̃ o, elabena Mawu se ɖevi la ƒe gbe tso afisi wòle. Tsi tre, yi ɖakɔ ɖevi la, eye nalée ɖe asi, elabena mana woazu dukɔ gãa ɖe.
Explorar Mose I 21:17-18
3
Mose I 21:2
Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi.
Explorar Mose I 21:2
4
Mose I 21:6
Eye Sara gblɔ bena: Mawu do nukokoe nam, eye amesiame, si asee la, ako nu le ŋutinye.
Explorar Mose I 21:6
5
Mose I 21:12
Eye Mawu gblɔ na Abraham bena: Megana nya sia nave wò le ŋutsuvi la kple wò kosi la ta o; ke boŋ ɖo to Sara le nusianu, si wodi tso gbɔwò la me, elabena Isak me wò dzidzime-viwo adzo tso.
Explorar Mose I 21:12
6
Mose I 21:13
Ke mana dukɔ nadzo tso kosi la ƒe vi hã me, elabena viwoe.
Explorar Mose I 21:13
Inici
La Bíblia
Plans
Vídeos