YouVersion Logo
Search Icon

Zefanya 3

3
Nu vɔ̃ si Yerusalem wɔ
1Baba na Yerusalem, du ƒoɖi,
tosẽla, ŋutasẽla.
2Meɖoa to Aƒetɔ o,
eye medina be woahe to na ye o.
Meɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu
alo tena ɖe eƒe Mawu ŋu o.
3Eƒe amegãwo le abe dzata,
siwo le gbe ɖem la ene;
eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ya le abe fiẽ amegãxi
siwo womesusɔa naneke ɖi ŋu kena o la ene.
4Eƒe gbeƒãɖelawo nye movitɔwo,
womate ŋu axɔ wo dzi ase o.
Eƒe nunɔlawo gblẽa kɔ ɖo na nu kɔkɔe la,
eye wotrɔa se la.
5Aƒetɔ si le eme la le dzɔdzɔe,
mewɔa nu gbegblẽ aɖeke o.
Ŋdi sia ŋdi la,
eɖea eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ fiana,
medana ƒu le fɔŋli aɖeke o.
Ke nu madzɔmadzɔ wɔla,
menya ŋukpe aɖeke o.
6“Metsrɔ̃ dukɔwo;
eye woƒe xɔ sesẽ kɔkɔtɔwo katã
zu glikpo ɖi dzoɣlii.
Woƒe ablɔwo tsi ƒuƒlu,
ame megatoa wo me yina o.
Duawo gbã zu aƒedo,
eye ame vɔ le wo me.
7Megblɔ be:
‘Mebu be woavɔ̃m,
eye woalɔ̃ axɔ hehe si mana wo la,
ale be womaŋlɔ nu si wosrɔ̃ tso gbɔnye la be o.’#3.7: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo gblɔ be womaŋlɔ nu si wosrɔ̃ tso gbɔnye la be o. Ke wogblɔ le Hebri Biblia me be nyemagblẽ eƒe nɔƒe o.
Ke wogbe be yewomatrɔ nɔnɔme o;
wogale nuvɔ̃ɖi wɔwɔ dzi.”
8Aƒetɔ be:
“Milala va se ɖe gbe si gbe matso
abe ɖasefo ene ɖe dukɔwo ŋu.
Elabe meɖoe be maƒo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu ƒu
ale be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi,
nye dziku helihelĩ la katã.
Elabe le nye dɔmedzoe ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo la me la,
anyigba blibo la katã afiã.”
9“Ẽ, ɣe ma ɣi la, matrɔ dukɔwo ƒe nuƒo wòadza,
be wo katã nayɔ Aƒetɔ ŋkɔ,
eye woasubɔe kple nusɔsɔ.
10Nye ame siwo ka hlẽ
yi keke Nubia-tɔsisiwo godo ke hã
ƒe viwo agbɔ va,
eye woatsɔ vɔsanuwo vɛ nam.”
11“Gbe ma gbe la, womado ŋukpe mi
le nu siwo miewɔ tsɔ dze aglãe ɖe ŋunye la ta o.
Elabe ɣe ma ɣi la, maɖe miaƒe dàdala
ɖokuidoɖedzilawo ɖa le mia dome,
eye miagado mia ɖokui ɖe dzi,
le nye to kɔkɔe la dzi o.
12Elabe magblẽ ɖokuibɔbɔlawo
kple ame siwo mewɔa wo ɖokui gã o la, ɖe mia dome.
Woadi sitsoƒe le Aƒetɔ me.
13 # Nyaɖ 14.5. Israelvi siwo asusɔ ɖi la,
mawɔ nu gbegblẽ o;
womaka aʋatso loo, alo awɔ alakpanu o.
Agbenɔnɔ adze edzi na wo.
Woaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ,
eye ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na wo gbeɖe o.”
Dzidzɔha
14Zion vinyɔnu, dzi dzidzɔha;
O Israel, do ɣli!
Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ,
na wò dzi navu gblotoo!
15Aƒetɔ he to na wò vɔ,
eye wòkplɔ wò futɔwo dzoe.
Aƒetɔ, Israel Fia la, li kpli mi azɔ;
miagavɔ̃ nuvɔ̃ɖi aɖeke azɔ o.
16Gbe ma gbe la,
woagblɔ na Yerusalem be:
“Zion-du, mègavɔ̃ o!
Abɔ megaku wò o!
17Aƒetɔ, wò Mawu la le dowòme;
kalẽtɔ si naa dziɖuɖu wònye.
Aƒetɔ akpɔ dzidzɔ le ŋuwò ŋutɔ,
eye wòatsɔ lɔlɔ̃ agbɔ agbe wò.
Adzi dzidzɔhawo,
atso aseye ɖe ŋuwò,
18abe ŋkekenyui ɖugbe ene.
Maɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le mia dzi
ale be ŋu makpe mi o.
19Kpɔ ɖa, ɣe ma ɣi la, matu nu kple ame siwo katã
te mi ɖe anyi la,
maxɔ na tekunɔwo,
maƒo ame siwo woɖe le ame dome la nu ƒu.
Matrɔ woƒe ŋukpe la wòazu kafukafu,
eye wo ŋkɔ ade dzi le anyigba blibo la dzi.
20Ɣe ma ɣi la,
makplɔ mi agbɔ va aƒee.
Ame siwo katã ka hlẽ la,
maƒo wo nu ƒu.
Ẽ, mana mia ŋkɔ nanyɔ, eye woakafu mi
le anyigba dzi dukɔwo katã dome,
ne megbugbɔ miaƒe nunyonamewo ɖo te
le mia ŋkume.”
Aƒetɔ lae gblɔe.

Currently Selected:

Zefanya 3: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in