Marko 5
5
Yesu da gbe le gbɔgbɔvɔ̃tɔ aɖe ŋu
(Mat 8.28-34; Luk 8.26-39)
1Esiawo megbe la, wova ɖo ƒu la ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi. 2Esi woɖi go la, ame aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la do go tso agado, siwo me woɖia ame ɖo la me va kpe wo. 3Teƒe siae ame sia nɔna, eye ame aɖeke megate ŋu blanɛ kple kɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hã o. 4Enuenu ne wode kunyowu eƒe afɔwo la, eŋenɛ, eye ne woblae kple kɔsɔkɔsɔ gã hã la, etsonɛ. Ame sesẽ aɖeke meli si te ŋu ɖu edzi o. 5Enɔa agadowo me le toawo dzi zã kple keli, nɔa ɣli dom ɣe sia ɣi, eye wòdea abi eɖokui ŋu kple kpewo. 6Esi ame sia kpɔ Yesu le adzɔge ke la, eƒu du va dze klo ɖe ekɔme. 7Edo ɣli sesĩe be: “Nya kae le mía kple wò dome, Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la Vi! Metà Mawu na wò be mègawɔ funyafunyam o.” 8Egblɔ nya siawo elabe Yesu gblɔ nɛ be: “Wò gbɔgbɔ makɔmakɔ, do go le eme!” 9Yesu biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ŋkɔnyee nye ‘Akpeakpewo’ elabe míesɔ gbɔ ale gbegbe.” 10Eɖe kuku na Yesu vevie be meganyà yewo dzoe le nuto ma me o. 11Aƒehawo ƒe hatsotso gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma le to la ŋu. 12Gbɔgbɔ makɔmakɔawo ɖe kuku na Yesu be: “Ɖe mɔ na mí be míayi ɖe haawo me.” 13Eɖe mɔ na wo. Tete gbɔgbɔ makɔmakɔawo do go, eye woge ɖe haawo me. Haawo ƒe hatsotso blibo la katã, si ade akpe eve lɔƒo la, ƒu du kplìkplikpli tso to la kɔgo ge dze ƒu la me, heno tsi ku.
14Ame siwo le haawo nyim la si dzo eye woyi ɖakaka nya si dzɔ la le dua me kple agbletawo. Amewo va be yewoakpɔ nu si va ve me la ɖa. 15Esi wova ɖo Yesu gbɔ la, wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ, si nye “Akpeakpewo” la ŋutɔ le awu me, hebɔbɔ nɔ anyi, eye eƒe mo kɔ. Vɔvɔ̃ koe ɖo wo. 16Ame siwo kpɔ nu siwo va dzɔ ɖe ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ tsã kple haawo dzi la, ka eta na vavalawo. 17Ameawo bia tso Yesu si bene wòadzo le yewoƒe nutoa me. 18Esi Yesu le gegem ɖe tɔdziʋua me la, ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ tsã la ɖe kuku nɛ be yeava anɔ eŋu. 19Yesu mena mɔe o. Ke egblɔ nɛ be: “Heyi aƒeme le tɔwòwo gbɔ, eye nàɖe gbeƒã nu si Aƒetɔ la wɔ na wò la kple ale si wòkpɔ nublanui na wòe la na wo.” 20Edzo yi ɖade asi gbeƒãɖeɖe me le Dutaewoawo me tso nu siwo Yesu wɔ nɛ la ŋuti, eye amewo katã tsi yaa.
Yairo vinyɔnuvi kple nyɔnu aɖe si ka asi Yesu ƒe awu ŋu
(Mat 9.18-26; Luk 8.40-56)
21Esi Yesu ɖo ʋu gatso ƒua va egodo la, ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe eŋuti le ƒua nu. 22Ƒuƒoƒemegã aɖe, si ŋkɔe nye Yairo la, va le edim, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔnu 23heɖe kuku nɛ vevie ŋutɔ gblɔ be: “Vinye nyɔnuvi ɖo kudo nu. Meɖe kuku, va da asi ɖe edzi be eƒe lã me nasẽ, eye wòatsi agbe.” 24Yesu yi kplii.
Ameha gã aɖe kplɔe ɖo, hemimii ɖo. 25Nyɔnu aɖe hã nɔ ameawo dome, si nɔ ʋusísidɔ lém ƒe wui eve sɔŋ. 26#Tob 2.10.Ekpe fu ŋutɔ le gbedala geɖewo si me, eye wògblẽ nu siwo katã le esi la; gake dɔléle la meka ɖe eme nɛ o; ke boŋ ɖeko wògado gã ɖe edzi wu tsã. 27Esi nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ la, eto Yesu megbe lɔƒo ge ɖe ameha la dome. Edze ameha la, eye wòka asi Yesu ƒe awu ŋuti. 28Ewɔ esia elabe egblɔ le eɖokui me be: “Ne meka asi eƒe awu ŋu ɖeɖe gɔ̃ hã la, mahaya.” 29Esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋuti teti ko la, ʋusísi la nu tso, eye wòse le lã me be woda gbe le ye ŋu. 30Yesu see le eɖokui me be ŋusẽ do go le ye me. Etrɔ ɖe ameha la gbɔ enumake, eye wòbia be: “Ame kae ka asi nye awu ŋu?” 31Eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be: “Èkpɔ be ameha la mimi ye ɖo, hafi nèle biabiam be ame kae ka asi ye ŋua?” 32Yesu tsa ŋku godoo le ame si wɔ nua la dim. 33Vɔvɔ̃ ɖo nyɔnu la, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya, elabe enya nu si dzɔ ɖe edzi. Eva dze klo ɖe Yesu ŋkume, eye wògblɔ nyateƒe blibo la katã nɛ. 34Yesu gblɔ nɛ be: “Vinye nyɔnuvi, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me. Wò dɔléle la nevɔ.”
35Esi Yesu gale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe aƒeme va be nyɔnuvi la ku, eya ta amegã la megaxa fu ɖe na Nufiala la o. 36Yesu se nya si gblɔm wole dzaa na amegã la, eye wògblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, xɔ se ko.” 37Yesu meɖe mɔ na ame aɖeke be wòakplɔ ye ɖo o, negbe Petro, Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko. 38Esi wova ƒuƒoƒemegã la ƒe aƒeme la, ekpɔ be amewo ƒo zi va, eye wole avi fam hele ɣli dom sesĩe. 39Yesu ge ɖe eme, eye wògblɔ na wo be: “Nu ka ta miele ʋunyaʋunya wɔm hele avi fam ale? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.” 40Ameawo ɖu fewu le eŋuti. Ke eya na ameawo katã do go, eye wòkplɔ ɖevia tɔ́, nɔa kple ame siwo kpe ɖe eŋuti la yi afi si ɖevia mlɔ. 41Elé ɖevia ƒe alɔnu hegblɔ nɛ be: “Ɖetugbi, fɔ!” si wogblɔna le Hebri-gbe me be: “Talita kum.” 42Enumake nyɔnuvi la fɔ, eye wòzɔ azɔli; ƒe wui eve vi wònye. Ameawo lulu ŋutɔŋutɔ. 43Yesu de se na wo vevie be womagana ame aɖeke nasee o, eye wògblɔ na wo be woadi nane nɛ wòaɖu.
Currently Selected:
Marko 5: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.