YouVersion Logo
Search Icon

Marko 3

3
Ŋutsu aɖe si siti lé asi na
(Mat 12.9-14; Luk 6.6-11)
1Yesu gayi ƒuƒoƒe aɖe, eye ame aɖe si siti lé asi na la nɔ afi ma. 2Wonɔ ŋudzɔ nɛ be ada gbe le Dzudzɔgbe la mahĩ, ne yewoatsɔ nya ɖe eŋuti. 3Yesu gblɔ na ame si siti lé asi na la be: “Tsi tre, nàte va ŋgɔ.” 4Yesu bia wo be: “Se la ɖe mɔ be woawɔ nu nyui le Dzudzɔgbe loo, alo woawɔ nuvɔ̃a? Be woaxɔ ame ɖe agbe loo, alo woaɖe asi le eŋu wòakua?” Ke wozi kpi. 5Yesu tsa ŋku le wo dzi godoo kple dziku, hexa nu le woƒe tamesesẽ ŋuti, eye wògblɔ na ame la be: “Mlo asi!” Emloe, eye eƒe asi la ɖɔ ɖo. 6Tete Farisitɔwo do go yi ɖade adaŋu kple Herodes yomedzelawo ɖe Yesu ŋu be yewoawui.
Ameha le Galilea-tá to
7Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le afi ma yi ɖe tá la to, eye ameha gã aɖe tso Galilea kplɔ wo ɖo. 8Ame geɖe, siwo hã se nu siwo wòwɔ la, tso Yudea, Yerusalem, Idumea kple Yordan godo kpakple Tiro kple Sidon nutowo me va egbɔ. 9#Mar 4.1; Luk 5.1-3. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woadi tɔdziʋu aɖe ada ɖi na ye bene ameha la nagamimi ye ɖo o. 10Eda gbe le ame geɖewo ŋu, eya ta ame siwo katã le dɔ lém la nyè zi ɖe edzi, be yewoaka asi eŋu. 11Ne gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpɔe ko la, wodzea anyi ɖe eƒe afɔnu, eye wodoa ɣli gblɔna be: “Wòe nye Mawu Vi la!” 12Ke eya de se na wo vevie be womegana amewo nava dze si ye o.
Yesu tia amedɔdɔ wui eveawo
(Mat 10.1-4; Luk 6.12-16)
13Yesu yi tonyigba la dzi, eye wòyɔ ame siwo eya ŋutɔ di la, woyi kplii. 14Eɖo ame wui eve, siwo wòtsɔ ŋkɔ na be Amedɔdɔwo, be woanɔ ye ŋuti ne yeadɔ wo aɖo ɖa, woaɖe gbeƒã, 15eye ŋusẽ nanɔ wo si ne woanyà gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. 16Ale wòɖo ame wui eveawo. Woawoe nye: Simon, ame si wòtsɔ ŋkɔ na be Petro; 17Yakobo, Zebedeo vi kple Yohanes, Yakobo nɔvi. Eda ŋkɔ ɖe woawo dzi be Dziɖegbeviwo; 18Andrea kple Filipo, Bartolomeo kple Mateo, Toma kple Yakobo si nye Alfeo vi, Tadeo kple Simon, si nye Ɖokuisinɔnɔdilawo ƒe habɔbɔmenɔla, 19kpakple Yuda Iskariot, ame si va dee asi.
Yesu kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia
(Mat 12.22-32; Luk 11.14-23; 12.10)
Yesu trɔ va aƒeme, 20eye ameha aɖe gava ɖi anyi. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be eya kple eƒe nusrɔ̃lawo mevo aɖu nu gɔ̃ hã o. 21Esi eƒe ƒometɔwo see la, woyi be yewoakplɔe, elabe amewo le gbɔgblɔm be: “Eƒe tagbɔ le gbegblẽm.” 22#Mat 9.34; 10.25. Agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va la gblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia xɔ aƒe ɖe eme, eye eya dzie wòtona nyàa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe.” 23Eyɔ wo va eɖokui gbɔ, eye wòƒo nu na wo le lododowo me be: “Ale ke Abosam ate ŋu anyà eɖokui ado goe? 24Ne fiaɖuƒe aɖe tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaɖuƒe ma mate ŋu ali ke o. 25Nenema ke ne aƒe aɖe me tɔwo ama ɖe eve ɖe wo nɔewo ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ te o. 26Ne Abosam tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋuti, eye wòma la, magate ŋu anɔ anyi o, ke eƒe nuwuwue nye ekema. 27Ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ aɖe ƒe aƒeme ko, aha eƒe nuwo o; negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ la gbã hafi ate ŋu aha eƒe aƒe.”
28 “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me, be woatsɔ ame ƒe nuvɔ̃ ɖe sia ɖe kple busunya, siwo wògblɔna la akee; 29#Luk 12.10.gake ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee akpɔ gbeɖe o, elabe eɖi fɔ; ewɔ nuvɔ̃ si anɔ anyi ɖikaa.” 30Egblɔ nya siawo, elabe wogblɔ be: “Gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme.”
Yesu dada kple Yesu nɔviŋutsuwo
(Mat 12.46-50; Luk 8.19-21)
31Yesu nɔ kple Yesu nɔviŋutsuwo va tsi tsitre ɖe xexe, eye wodɔ ame be woayɔe ɖa. 32Ameha la nɔ anyi ƒo xlãe godoo va kpe. Wova gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nɔwò kple nɔviwòwo le xexe, le diwòm.” 33Ke ebia wo be: “Ame kawoe nye nɔnye kple nɔvinyewo?” 34Ekpɔ ame siwo nɔ anyi ƒo xlãe godoo la dzi ɖa hegblɔ be: “Mikpɔ nɔnye kple nɔvinyewo ɖa! Woawoe nye esiwo le afii. 35Ame sia ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eyae nye nɔvinye kple nɔnye.”

Currently Selected:

Marko 3: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in