YouVersion Logo
Search Icon

Marko 1

1
Yohanes mawutsilenamela ƒe mawunyagbɔgblɔ
(Mat 3.1-12; Luk 3.1-18; Yoh 1.19-28)
1Yesu Kristo si nye Mawu Vi la ŋuti Nyanyui la dze egɔme ale: 2#Mal 3.1. Woŋlɔe ɖi ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ me be:
“Kpɔ ɖa!
Mele nye dɔla ɖom ɖa do ŋgɔ,
be wòadzra ɖo na wò vava.
3 # Yes 40.3. Ame aɖe le ɣli dom bobobo le gbedadaƒo.
Ebe, ‘Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo!
Midzɔ eƒe afɔmɔwo.’ ”
4Nya siawo va eme esime Yohanes va do, le mawutsi lem na amewo hele gbeƒã ɖem le gbedzi, be amewo natrɔ dzime, ne woale mawutsi na wo, be Mawu natsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. 5Ame geɖe ŋutɔ tso Yudea-nutome kple Yerusalem va egbɔ, hele woƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye wòle mawutsi lem na wo le Yordan-tɔsisi la me. 6#Fia II, 1.8. Yohanes do kposɔfuwu ƒlatsa, eye wòbla edzi kple lãgbalẽlidziblanu. Eƒe nuɖuɖu nye ʋetsuvi kple gbemenyitsi. 7Eɖe gbeƒã be: “Ame si kpɔ ŋusẽ wum la le megbenye gbɔna. Nyemedze, be mabɔbɔ atu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o. 8Nye la, metsɔ tsi le mawutsi na mi, ke eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe alee na mi.”
Mawutsilele ta na Yesu kple etete kpɔ
(Mat 3.13—4.11; Luk 3.21-22; 4.1-13)
9Le ŋkeke mawo me la, Yesu tso Nazaret le Galilea va, eye Yohanes le mawutsi nɛ le Yordan-tɔsisi la me. 10Esi wòdo go tso tsia me la, ekpɔ dziƒowo ʋu enumake, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi ɖe edzi abe ahɔnɛ ene. 11#Mos I, 22.2; Ps 2.7; Yes 42.1; Mat 3.17; 12.18; Mar 9.7; Luk 3.22. Tete gbe ɖi tso dziƒowo be: “Wòe nye Vinye lɔlɔ̃a; mekpɔ ŋudzedze le ŋuwò.”
12Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe kplɔ Yesu wòyi gbedadaƒo. 13Enɔ afi ma le gbemelãwo ƒe nɔƒe ŋkeke bla ene esime Abosam tee kpɔ, eye mawudɔlawo kpɔ edzi.
Yesu yɔ tɔƒodela ene
(Mat 4.12-22; Luk 4.14-15; 5.1-11)
14Esi wolé Yohanes de gaxɔ me la, Yesu va Galilea, le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Nyanyui la le gbɔgblɔm be: 15#Mat 3.2. “Ɣeyiɣi la ɖo edzi, Mawu ƒe fiaɖuɖu la tu aƒe. Mitrɔ dzime, eye mixɔ Nyanyui la dzi se.”
16Eva to Galilea-ƒua nu yina, eye wòkpɔ Simon kple nɔvia Andrea, siwo nye tɔƒodelawo la, wonɔ asabu dam ɖe ƒu la me. 17Yesu gblɔ na wo be: “Miva nɔ yonyeme, be mawɔ mi miazu amegbetɔɖelawo.” 18Enumake wogblẽ woƒe asabuawo ɖi, eye wodze eyome. 19Esi wògayi ŋgɔ ʋɛ la, ekpɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo viwo, wole woƒe tɔdziʋu me, le asabuwo sam. 20Eyɔ wo enumake, eye wogblẽ wo tɔ́ Zebedeo kple ʋuléviawo ɖe tɔdziʋua me, hedze eyome.
Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le
(Luk 4.31-37)
21Wodzo yi ɖaɖo Kapernaum. Le Dzudzɔgbe la, eyina ɖe ƒuƒoƒe la, eye wòɖafiaa nu le afi ma. 22#Mat 7.28, 29. Eƒe nufiafia wu gbɔgblɔ na wo, elabe efia nu wo kple kakaɖedzi, ke menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o. 23Ame aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ le la nɔ woƒe ƒuƒoƒe la. 24Edo ɣli gblɔ be: “Yesu Nazaretetɔ, nya kae le mía kpli wò dome? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye: Wòe nye Mawu ƒe ame kɔkɔe la.” 25Yesu blu ɖe eta be: “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” 26Gbɔgbɔ makɔmakɔ la nyamae, eye wòdo ɣli sesĩe hedo go le eme. 27Amewo katã ƒe mo wɔ yaa, eye wobia wo nɔewo be: “Nu ka gɔ̃e nye esia? Esia nye nufiafia yeye! Esi wòblu ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔwo ta ŋusẽtɔe la, ɖeko woɖo toe.” 28Eƒe ŋkɔ ɖi hoo le afi sia afi le Galilea-nutowo me godoo.
Yesu da gbe le ame geɖewo ŋu
(Mat 8.14-17; Luk 4.38-41)
29Esi Yesu do go le ƒuƒoƒea teti la, eya kple Yakobo kple Yohanes woyi ɖe Simon kple Andrea ƒeme, 30Simon lɔ̃xo nɔ anyimlɔƒe; asrã lée, eye wova gblɔe na Yesu enumake. 31Eyi ɖe egbɔ, lé eƒe alɔnu hefɔe wòbɔbɔ nɔ anyi. Asrã la kɔ́ le edzi, eye wòwɔ amedzro na wo.
32Esi ɣe ɖo to la, wotsɔ ame siwo katã ƒe lã me gblẽ kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ. 33Du blibo la ƒo ƒu ɖe xɔxɔnua. 34Eda gbe le ame geɖe, siwo le dɔ ƒomevi vovovowo lém la ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo do goe. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabe wodze si ame si wònye.
Yesu gblɔ nya le Galilea-nutome
(Luk 4.42-44)
35Yesu fɔ fɔŋli hedo go yi afi si ame aɖeke mele o, eye wònɔ gbe dom ɖa le afi ma. 36Simon kple ame siwo nɔ eŋu la dii, yi ɖatui le afi ma. 37Esi wova ke ɖe eŋu la, wogblɔ nɛ be: “Ame sia ame koe le diwòm.” 38Yesu gblɔ na wo be: “Mina míayi nutoa me du bubuwo me, ne maɖe gbeƒã le teƒe mawo hã, elabe esia tae medo va ɖo.” 39#Mat 4.23; 9.35. Eyi ɖatsa le Galilea blibo la, hele gbeƒã ɖem Nyanyui la le woƒe ƒuƒoƒeawo, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe.
Yesu da gbe le ŋutsu kpodɔlela aɖe ŋu
(Mat 8.1-4; Luk 5.12-16)
40Ŋutsu kpodɔlela aɖe va egbɔ, le klo dzi kple kukuɖeɖe be: “Ne èlɔ̃ la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” 41Eƒe nu wɔ nublanui na Yesu, eya ta wòdo asi ɖa, ka asi eŋu hegblɔ nɛ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” 42Enumake kpodɔ la vɔ nɛ eye eŋuti kɔ. 43Yesu de se nɛ vevie, eye wònyae ɖo ɖa kaba kple nya siawo be: 44#Mos III, 14.1-32. “Kpɔ nyuie, mègagblɔ nya aɖeke na ame aɖeke o. Esi ŋutiwò kɔ la, heyi nàtsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla, eye nàna nu siwo Mose ƒe se la bia be woana la, atsɔ afia amewo be ŋutiwò kɔ.” 45Ke eya dzo yi ɖale gbeƒã ɖem lélele, eye wòkaka nya la ale gbegbe be Yesu megate ŋu gena ɖe du aɖeke me le gaglãgbe o. Dua godo, afi si amewo mele o la ko wònɔna, eye amewo tsoa teƒeteƒewo vaa egbɔ.

Currently Selected:

Marko 1: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in