YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 5

5
Adam ƒe dzidzimeviwo ŋkɔwo
(Kron I, 1.1-4)
1 # Mos I, 1.27, 28. Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinya nye esi: Esi Mawu wɔ amegbetɔ la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme. 2#Mat 19.4; Mar 10.6. Atsu kple asie wòwɔ, eyra wo, eye wòna ŋkɔ wo be Amegbetɔ. 3Esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ la, edzi viŋutsu. Ɖevi la ɖii ŋutɔ, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Set. 4Emegbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 5Ale Adam nɔ agbe ƒe alafa asieke bla etɔ̃ hafi ku.
6Esi Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ la, edzi viŋutsu si ŋkɔe nye Enos. 7Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adrẽ, eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 8Enɔ agbe ƒe alafa asieke kple wui eve hafi ku.
9Esi Enos xɔ ƒe bla asieke la, edzi viŋutsu si ŋkɔe nye Kenan. 10Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple wui atɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 11Ale Enos nɔ agbe ƒe alafa asieke kple atɔ̃ hafi ku.
12Esi Kenan xɔ ƒe bla adrẽ la, edzi viŋutsu si ŋkɔe nye Mahalalel. 13Eganɔ agbe ƒe alafa enyi bla ene, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 14Ale Kenan nɔ agbe ƒe alafa asieke kple ewo hafi ku.
15Mahalalel xɔ ƒe bla ade vɔ atɔ̃ hafi dzi viŋutsu si wòtsɔ ŋkɔ na be Yared. 16Eganɔ agbe ƒe alafa enyi bla etɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 17Ale Yared xɔ ƒe alafa enyi bla asieke vɔ atɔ̃ hafi ku.
18Esi Yared xɔ ƒe alafa ɖeka bla ade vɔ eve la, edzi ŋutsuvi si ŋkɔe nye Henox. 19Eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 20Ale Henox nɔ agbe ƒe alafa asieke bla ade vɔ eve hafi ku.
21Esi Henox xɔ ƒe bla ade vɔ atɔ̃ la, edzi viŋutsu si wòtsɔ ŋkɔ na be Metusala. 22Esi Henox dzi Metusala megbe la, enɔ hadede me kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 23Enɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ bla ade vɔ atɔ̃. 24#Sir 44.16; 49.14; Heb 11.5; Yuda 1.14. Henox nɔ hadede me kple Mawu le eƒe agbenɔɣi, ale be ɖeko wòbu vĩ elabe Mawu kplɔe dzoe.
25Esi Metusala xɔ ƒe alafa ɖeka bla enyi vɔ adrẽ la, edzi viŋutsu si nye Lamex. 26Emegbe la, eganɔ agbe ƒe alafa adrẽ bla enyi vɔ eve, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 27Metusala nɔ agbe ƒe alafa asieke bla ade vɔ asieke hafi ku.
28Esi Lamex xɔ ƒe alafa ɖeka bla enyi vɔ eve la, edzi viŋutsu. 29Egblɔ be: “Ɖevi sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple dagbadagba si Aƒetɔ ƒe fi si wòƒo de anyigba la he vɛ me.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Noa. 30Emegbe Lamex ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ bla asieke vɔ atɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã. 31Lamex nɔ agbe ƒe alafa adrẽ bla adrẽ vɔ adrẽ hafi ku.
32Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi Sem, Xam kple Yafet.

Currently Selected:

Mose I 5: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in