YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 47

47
1Ale Yosef yi ɖagblɔ na Fiagã la be: “Tɔ́nye kple nɔvinyewo tso Kanaan-nyigba dzi va kple woƒe alẽwo kple nunɔamesiwo katã. Wole Gosen-nutome.” 2Ekplɔ nɔvia atɔ̃ yi ɖaɖe fia fia la. 3Fia la bia Yosef nɔviwo be: “Dɔ ka wɔlawo mienye?” Woɖo eŋu be: “Lãnyilawo míenye abe mía tɔgbuiwo ke ene.” 4Woyi dzi gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, míeva be míanɔ anyigba sia dzi elabe míaƒe lãhawo megakpɔ gbe aɖu o eye dɔwuame la nu sẽ le Kanaan-nyigba dzi ale gbegbe. Eya ta míeɖe kuku na wò, ɖe mɔ na mí, wò dɔlawo, ne míanɔ Gosen-nutoa me.” 5Tete Fiagã la gblɔ na Yosef be: “Tɔ́wò kple nɔviwòwo va ɖo. 6Egipte-nyigba la le asiwò me. Àte ŋu ada wo ɖe Gosen-nutome elabe anyigba nyo le afi ma ŋutɔ. Ne ènya kutrikula aɖewo le wo dome la, tsɔ nye lãhawo de wo si ne woakpɔ wo dzi.”
7Tete Yosef kplɔ tɔ́a va Fiagã la gbɔe, eye Yakob yra fia la. 8Fiagã la biae be: “Ƒe nenie nèxɔ?” 9Yakob ɖo eŋu be: “Nye agbe mɔzɔƒè nye alafa ɖeka bla etɔ̃. Nye agbenɔƒèwo mesɔ gbɔ o, mekpe hiã geɖe le wo me, eye womede tɔ́nyewo ƒe mɔzɔƒè nu o.” 10Emegbe Yakob gayra Fiagã la, eye wòtrɔ dzo. 11Azɔ Yosef fia teƒe si tɔ́a kple nɔviawo anɔ le Egipte-nyigba dzi la wo. Ena anyigba nyuitɔ wo ɖe Ramses-nutome, abe ale si Fiagã la gblɔ nɛ ene. 12Yosef kpɔ gbɔ be nuɖuɖu nɔ tɔ́a, nɔviawo kple tɔ́a ƒemetɔwo katã, ame sia ame kple via, si ɣe sia ɣi.
Dɔ to
13Dɔwuame la nu va sẽ ale gbegbe; nuɖuɖu aɖeke megale afi aɖeke o. Nu té amewo ŋu eye Egipte kple Kanaan-nyigba dzi ƒu kplákplakpla. 14Yosef ƒo ƒu ga si Egiptetɔwo kple Kanaantɔwo tsɔ va ƒle bli le egbɔ la nu ƒu hetsɔ yi Egipte Fiagã ƒemee. 15Esi ga vɔ le Egipte kple Kanaan-nyigba dzi la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ be: “Na nuɖuɖu mí! Ga vɔ le mía si keŋkeŋ. Ànɔ mía kpɔm ale, míaku le ŋkuwò mea?” 16Yosef ɖo eŋu be: “Ne ga vɔ le mia si la, mikplɔ miaƒe lãhawo vɛ. Maxɔ wo ana nuɖuɖu mi ɖe wo teƒe.” 17Tete wokplɔ woƒe lãhawo vɛ na Yosef eye wòtsɔ bli na wo ɖe woƒe sɔwo, alẽhawo, nyihawo kple tedziwo teƒe. Le ƒè ma me la, wotsɔ lãhawo ɖɔli bli le Yosef si. 18Esi ƒè trɔ la, wogava egbɔ be: “Amegã, míate ŋu aɣla nya aɖeke ɖe wò o. Nya lae nye be ga vɔ le mía si keŋkeŋ eye míaƒe lãhawo hã va zu tɔwò. Naneke megale mía si míatsɔ na wò wu míawo ŋutɔ kple míaƒe anyigbawo o. 19Ànɔ mí kple anyigba kpɔm ale, míatsrɔ̃ le ŋkuwò mea? Mègana míaƒe agbledeƒewo natsi anyi o. Xɔ mí kple míaƒe agbledenyigbawo, ne nàna nuɖuɖu mí ɖe eteƒe. Míelɔ̃ be míanye fia la ƒe kluviwo, eye míaƒe anyigbawo nazu etɔ. Na nuku mí míaƒã, ne míaƒe agblewo nagazu afuti o.”
20Ale Yosef ƒle agbledeƒe siwo katã le Egipte-nyigba dzi la na fia la. Egiptetɔ ɖe sia ɖe dzra eƒe agbledeƒe elabe dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ. Agbledeƒewo katã va zu fia tɔ. 21Azɔ dukɔmetɔwo va zu kluviwo le Egipte-nyigba bliboa dzi.#47.21: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo be: Ena woʋu yi ɖe du gãwo me. 22Ke Yosef meƒle nunɔlawo ƒe anyigba ya o, elabe fia la naa dzikpɔga wo, eye wokpɔa woƒe nuɖuɖu tso egbɔ. Eya ta nunɔlawo medzra woƒe anyigba o. 23Tete Yosef gblɔ na dukɔmetɔwo be: “Mikpɔ ɖa, tso egbe dzi la, meƒle mi kple miaƒe agbledeƒewo siaa na fia. Nukuwo nye esi; mixɔ wo yi ɖaƒã. 24Ne mieŋe nu la, mima nua ɖe akpa atɔ̃ me: Akpa ɖeka nanye fia tɔ, eye akpa ene mamlɛawo nanye miawo ŋutɔ tɔ. Miaƒã ɖe, eye esi susɔ nanye nuɖuɖu na miawo ŋutɔ, mia viwo kple mia ƒemetɔwo.” 25Woɖo eŋu be: “Wòe xɔ mí ɖe agbe! Ne edze nye aƒetɔ ŋu la, míanye Egipte Fiagã ƒe kluviwo.” 26Ale Yosef de se le Egipte-nyigba dzi be, ne woŋe nu la, nukuawo ƒe akpa atɔ̃lia nanye fia tɔ. Se sia gali va se ɖe egbe. Nunɔlawo ƒe anyigbawo koe menye fia tɔ o.
Nu mamlɛtɔ si Yakob bia be woawɔ na ye
27Israel nɔ Gosen-nutome le Egipte-nyigba dzi. Wokpɔ kesinɔnu geɖe, eye wodzi, gadzi fũu ŋutɔ. 28Yakob nɔ Egipte-nyigba dzi ƒe wui adrẽ, eye eƒe agbenɔƒewo va le alafa ɖeka bla ene vɔ adrẽ.
29 # Mos I, 49.29-32; 50.6. Esi Israel ƒe kuɣi ɖo la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, ne nye nya dze ŋuwò la, tsɔ asi de nye atame, eye nàdo ŋugbe be yeawɔ nuteƒe, ato nyateƒe nam. Mègaɖim ɖe Egipte-nyigba dzi gbeɖe o. 30Medi be nàɖim ɖe tɔ́nyewo gbɔ. Kɔm dzoe le Egipte, eye nàɖaɖim ɖe woƒe ɖiƒe.” Yosef ɖo eŋu be: “Mawɔ nu si nègblɔ la.” 31Egblɔ nɛ be: “Ka atam ɖe edzi nam!” Yosef ka atam nɛ. Israel bɔbɔ ta gbedoɖatɔe ɖe eƒe abati ƒe tade.

Currently Selected:

Mose I 47: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in