Mose I 43
43
Yosef nɔviwo trɔ yi Egipte kple Benyamin
1Dɔwuame la nu va sẽ ɖe dzi ŋutɔ le anyigba la dzi. 2Yakob kple eƒe ƒomea ɖu bli si woƒle tso Egipte vɛ la vɔ, ale Yakob gblɔ na viawo be: “Migayi ne miaɖaƒle nuɖuɖu vi aɖe vɛ na mí.” 3Yuda gblɔ nɛ be: “Ŋutsua te gbe ɖe edzi na mí vevie be, ne míekplɔ mía nɔvia vɛ o la, mígado ɖe ye ŋkume o. 4Ne èlɔ̃ be mía nɔvia neyi kpli mí la, míayi aɖaƒle blia vɛ. 5Ke ne mèlɔ̃ be neyi kpli mí o la, míayi o. Elabe ŋutsua te gbe ɖe edzi na mí be, ne míekplɔ mía nɔvia vɛ o la, mígado ɖe ye ŋkume o.” 6Israel gblɔ na wo be: “Miewɔ nu vevim. Nu ka ta mieʋu nya me na ŋutsua be nɔvi gale yewo si?” 7Woɖo eŋu be: “Ŋutsua bia gbe mí tsitotsito tso míawo ŋutɔ kple míaƒe ƒome la ŋu. Ebia be, ‘Mia tɔ́ gale agbea? Nɔvi bubu gale mia sia?’ Biabia siawo ŋue míeɖo nɛ. Ale ke míawɔ anya be agblɔ na mí be míkplɔ mía nɔvia vɛ?” 8Yuda gblɔ na tɔ́a be: “Ɖe asi le ɖevia ŋu nam ne makplɔe yii ne wò ŋutɔ, míawo kple mía viwo nagaku o. 9Eƒe nya ɖe sia ɖe kpɔ ŋkunye me; ele asinye me. Ne nyemete ŋu kplɔe gbɔe na wò o la, bu fɔm tegbee. 10Ne menye ɖe míele hehem ɖe megbe o la, anye ne míede gbɔ zi eve xoxo.”
11Tete wo tɔ́a, Israel, gblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ mía de nu nyui aɖewo ɖe asi yi ɖana ŋutsua. Mitsɔ atikemi, anyitsi vi aɖe, aŋe, kotoklobo, ayedee kple yevuzi. 12Mitsɔ nuƒlega ƒe teƒe eve kple ga si wogbugbɔ de kotokuawo me la hã ɖe asi. Ɖewohĩ anye vodadae wowɔ. 13Azɔ mikplɔ mia nɔvia ne miayi. 14Mawu Ŋusẽkatãtɔ la neve mia nu le ŋutsua gbɔ ale be wòaɖe asi le mia nɔvia kple Benyamin ŋuti na mi. Ke nye ya la, ne vi gaku nam la, eku nam.” 15Ale nɔviŋutsuawo tsɔ nunanaawo kple ga homea ƒe teƒe eve ɖe asi, kplɔ Benyamin hedze mɔ yi Egipte. Wova ɖo Yosef gbɔ.
16Esi Yosef kpɔ be Benyamin le wo dome la, egblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be: “Kplɔ ŋutsu siawo yi nye aƒemee. Wole nu ɖu ge kplim egbe ŋdɔ, eya ta wu lã nàɖa nu na mí.” 17Aƒedzikpɔla la wɔ Yosef ƒe gbe dzi, eye wòkplɔ ŋutsuawo yi Yosef ƒemee. 18Vɔvɔ̃ ɖo wo elabe wokplɔ wo yi Yosef ƒeme, eye wogblɔ be: “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me esi míeva zi gbãtɔ la tae wokplɔ mí vɛ ɖo. Wole mía dzi dze ge, axɔ míaƒe tedziwo le mía si sesẽe, eye woawɔ mí kluviwoe.” 19Wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla la ŋu le xɔa ƒe ʋɔtru nu, eye wogblɔ nɛ be: 20“Taflatsɛ, amegã, míeva afii zi gbãtɔ va ƒle bli. 21Esi míeɖo agbadroƒe, eye míetu míaƒe kotokuawo la, ame sia ame kpɔ eƒe ga si wòtsɔ xe fee la le eƒe bli dzi le kotokua me. Kpɔ ɖa, eyae nye esi míetrɔ vɛ. 22Míetsɔ ga bubu ɖe asi vɛ be míatsɔ agaƒle bli. Míenya ame si trɔ míaƒe ga de míaƒe kotokuwo me o.” 23Ŋutsua ɖo eŋu na wo be: “Miaƒe dzi nedze eme. Migavɔ̃ o. Mia Mawu la, mia tɔ́ ƒe Mawu lae tsɔ ga la de miaƒe kotokuwo me. Wotsɔ miaƒe ga si miexe la nam.” Tete wòkplɔ Simeon vɛ na wo. 24Azɔ la, aƒedzikpɔla la kplɔ ŋutsuawo ge ɖe Yosef ƒe aƒeme. Eku tsi na wo woklɔ afɔ, eye wòna nuɖuɖu woƒe tedziwo. 25Woɖo nunanaawo ɖi be ne Yosef va le ŋdɔ me la, yewoatsɔ wo nɛ elabe wose be yewole nu ɖu ge kplii le afi ma. 26Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunanaawo nɛ, eye wode ta agu nɛ. 27Le gbelɔlɔ̃ kplii me la, ebia wo be: “Mia tɔ́ amegãɖeɖi, si ŋu mieƒo nu le nam la ɖe, egale agbea? Eli sesĩea?” 28Woɖo eŋu be: “Mía tɔ́, wò subɔla, gale agbe, eye wòli sesĩe.” Tete wodze klo tsyɔ mo anyi ɖe eŋgɔ. 29Yosef fɔ ta dzi eye wòkpɔ Benyamin, dadavia. Ebia be: “Mia nɔvi ɖevitɔ si ŋu mieƒo nu le nam lae nye esia? Vinye, Mawu neve nuwò.” 30Tete Yosef dzudzɔ eƒe nuƒoa elabe eƒe dɔme trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòdi be yeafa avi. Ale wòyi ɖe eƒe xɔgãme ɖafa avi le afi ma. 31Efu mo, lé eɖokui nyuie, eye wòdo go va. Egblɔ be: “Mima nuɖuɖua!” 32Wotsɔ Yosef tɔ nɛ vovo, eye wotsɔ nɔviawo hã tɔ na wo vovo. Nenema ke wotsɔ Egiptetɔ siwo ɖua nu kplii la hã tɔ na wo vovo. Egiptetɔwo meɖua nu kple Hebritɔwo o, elabe wobunɛ be enye ŋunyɔnu. 33Wona wonɔ anyi dze ŋgɔ Yosef le nua ɖuƒe. Woɖo wo ɖe tsitsi nu, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe ɖevitɔ dzi. Esi nɔviawo de dzesi ale si wòna wonɔ anyii la, woƒe nu ku, eye wole wo nɔewo kpɔm dũu. 34Yosef na woka nuɖuɖu si le ekɔme la na nɔviawo, eye wòna Benyamin tɔ sɔ gbɔ wu nɔviawo katã tɔ zigbɔzi atɔ̃. Woɖu nu, no nu, eye wokpɔ dzidzɔ kplii.
Currently Selected:
Mose I 43: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.