YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 34

34
Simeon kple Levi wu fia Xamor kple eteviwo fũu le Dina ta
1Gbe ɖeka la, Dina, ame si nye Lea kple Yakob vinyɔnu la, ɖi tsa yi nyɔnu aɖewo gbɔ le nuto ma me. 2Esi Sixem, nuto ma me fia Xamor, Xivitɔ la ƒe viŋutsu kpɔe la, elée sesẽe, de asi eŋu, eye wògblẽe. 3Dina, Yakob vinyɔnua, ƒe nu lé dzi na Sixem vevie. Elɔ̃ ɖetugbi la ŋutɔ, ale wòde asi enubeble me. 4Tete Sixem gblɔ na tɔ́a Xamor be: “Medi be nàɖe ɖetugbi sia nam.” 5Yakob se be egblẽ Dina, ye vinyɔnuvia. Ke esi via ŋutsuwo nɔ gbe dzi le lãhawo gbɔ le ɣe ma ɣi ta la, ezi kpi va se ɖe esime wogbɔ. 6Sixem tɔ́, Xamor, do yi Yakob gbɔ be yeaƒo nu kplii. 7Esi Yakob viŋutsuawo gbɔ tso gbea dzi va se nyaa la, dzi ku wo vevie. Wodo dɔmedzoe helihelĩ be Sixem ɖi gbɔ Israel, elabe ede asi Yakob vinyɔnu ŋuti; elabe medze be wòawɔ nu ma ƒomevi kura o. 8Xamor gblɔ na wo be: “Mia vi Dina ƒe nu lé dzi na vinye Sixem ŋutɔ, eya ta meɖe kuku, mitsɔe nɛ ne wòaɖe, 9ne srɔ̃ɖeɖe nanɔ mía dome: Mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí míaɖe, eye míawo hã míatsɔ mía tɔwo na mi miaɖe. 10Ekema mianɔ mía gbɔ; mianɔ anyigba la ƒe afi si dze mia ŋu, eye miatsa asi le mía dome aɖo nunɔamesiwo na mia ɖokui faa.”
11Sixem hã gblɔ na Dina tɔ́a kple nɔvia ŋutsuawo be: “Minyo dɔme nam ko eye nu sia nu si miabia la, mana faa. 12Nyɔnutabianu kple srɔ̃ɖenu ale sinu hiã ko la, migblɔe nam. Mele klalo be mana ale si miedi, ne mianyatsɔ ɖetugbia nam maɖe ko.”
13Yakob viŋutsuawo ɖo eŋu na Sixem kple tɔ́a Xamor ayetɔe elabe woɖi gbɔ wo nɔvi Dina. 14Wogblɔ nɛ be: “Míate ŋu aɖe asi le mía nɔvinyɔnu ŋuti be wòaɖaɖe bolobolotɔ o, elabe enye ŋukpenanu na mí. 15Ne mielɔ̃ be yewoazu abe míawo ene, eye ŋutsu sia ŋutsu le mia dome natso aʋa la, eya ko míalɔ̃ ɖe nya sia dzi. 16Míatsɔ mía vinyɔnuwo na mi miaɖe, eye míawo hã míaɖe mia tɔwo. Míanɔ mia gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka. 17Ke ne miexɔ míaƒe nya la hetso aʋa o la, ekema míaxɔ mía vinyɔnu la le mia si adzoe.”
18Nya la dze Xamor kple via Sixem ŋu. 19Ɖekakpui la mehe nyaa kura o, elabe Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyo eŋu ŋutɔ. Gawu la, ɖekakpui la nye ame si tɔ́a ƒometɔwo buna wu le ƒomea me.
20Xamor kple via Sixem va dua ƒe takpeƒe le du la ƒe agbo nu, eye woƒo nu na wo detɔwo. Wogblɔ be: 21“Ame siawo la, ame fafawo wonye. Mina woanɔ mía dome, atso aƒe ɖe anyigba la dzi, eye woatsa asi le edzi faa. Mikpɔ anyigba la ɖa. Elolo le go sia go me; asu na mí kple wo siaa. Mina míaɖe wo vinyɔnuwo, eye míawo hã míatsɔ mía tɔwo ana wo woaɖe faa. 22Ke wobe hafi yewoalɔ̃ anɔ mía gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka la, ele be mía dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa abe yewo ene. 23Menye ɖeko woƒe lãhawo, nunɔamesiwo kple dɔwɔlãwo katã azu mía tɔ oa? Eya ta mina míalɔ̃ ɖe woƒe nya la dzi ko ne woanɔ mía gbɔ.” 24Ame siwo katã va takpeƒea la lɔ̃ ɖe Xamor kple via Sixem ƒe nya la dzi, eye dua me ŋutsuwo katã tso aʋa.
25Tete le ŋkeke etɔ̃a gbe, esime abia nɔ wo vem vevie, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob viŋutsu eve, Simeon kple Levi, siwo nye Dina dadaviwo la, tsɔ yi, dze dua dzi hewu eme ŋutsuwo katã. 26Wowu Xamor kple via Sixem hã kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sixem ƒeme dzoe. 27Yakob vi mamlɛawo hã va ɖe nu xɔasi siwo katã le ame kukuawo ŋu, eye woha dua le ale si wodo vlo wo nɔvinyɔnu la ta. 28Wokplɔ woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo, eye wotsɔ nu sia nu si wokpɔ le dua me kple agblewo me la dzoe. 29Woha woƒe kesinɔnuwo katã, ɖe aboyo ɖeviwo kple nyɔnuwo siaa eye wotsɔ nu sia nu si wokpɔ le aƒeawo me la dzoe. 30Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Levi be: “Miedem dzɔgbevɔ̃e me. Fifia Kanaantɔwo kple Perizitɔwo kpakple ame bubu siwo katã le anyigba sia dzi la além ɖe fu me. Mikpɔ ɖa, míesɔ gbɔ kura o. Ne woƒo ƒu, tso ɖe ŋunye la, woatsrɔ̃ nye kple ŋunyemewo katã.” 31Ke woɖo eŋu nɛ be: “Eya kpɔ mɔ awɔ mía nɔvinyɔnu abe gbolo enea?”

Currently Selected:

Mose I 34: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy