YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 27

27
Isak yra Yakob
1Azɔ esi Isak tsi zu amegãɖeɖi, eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, eye megate ŋu le nu kpɔm o la, eyɔ via tsitsitɔ, Esau, vɛ hegblɔ nɛ be: “Vinye!” Etɔ be: “Nyee nye esi.” 2Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, metsi, eye nyemenya nye kugbe o. 3Tsɔ wò adedanuwo, da kple dati, eye nàyi gbe me nàɖawu lã aɖe vɛ nam. 4Nàtsɔ lã la wɔ nuɖuɖu si vivia nunye ŋutɔ la vɛ nam maɖu, ne mayra wò hafi maku.”
5Rebeka se nya si Isak gblɔ na Esau la. Ale esi Esau dzo yi adegbe be yeaɖawu lã vɛ la, 6Rebeka gblɔ na via Yakob be: “Mese tɔ́wò gblɔ na nɔviwò be: 7‘Di adelã aɖe nàwɔ nuɖuɖu si vivia nunye vevie la vɛ nam maɖu ne mayra wò, le Aƒetɔ ŋkume hafi maku.’ 8Azɔ vinye, se nya si gblɔ ge mala na wò la, eye nàwɔ edzi. 9Yi lãhawo dome nàlé gbɔ̃vi eve vɛ ne matsɔ wɔ nuɖuɖu si vivia tɔ́wò nu la nɛ, 10eye nàtsɔe ayi na tɔ́wò wòaɖu ne wòayra wò hafi aku.” 11Ke Yakob gblɔ na nɔa Rebeka be: “Kpɔ ɖa, fu mele ŋunye o, evɔ nɔvinye Esau ya la, fúme wònye. 12Ɖewohĩ tɔ́nye ali asi ŋunye kpɔ, ale wòadze sim. Ekema abum ameflulae, eye mayram o, ke aƒo fi boŋ adem.” 13Nɔa ɖo eŋu nɛ be: “Vinye, ne eƒo fi de wò la, neɖi ŋunye. Wò ya ɖo tom; yi nàlé lãawo vɛ ko!” 14Ale Yakob yi ɖalé gbɔ̃viawo vɛ na nɔa, eye wòtsɔ wo ɖa nu si vivia wo tɔ́ nu ŋutɔ la. 15Tete Rebeka tsɔ via tsitsitɔ, Esau, ƒe atsyɔ̃ɖowu siwo le egbɔ le aƒea me la do na via ɖevitɔ Yakob. 16Etsɔ gbɔ̃viawo ƒe agbalẽ bla ɖe eƒe abɔ kple kɔme siwo zrɔ̃ tsinitsini la. 17Etsɔ nuɖuɖu vivi si wòwɔ kple abolo si wòƒo la de Yakob si.
18Tete Yakob yi tɔ́a gbɔ yɔe be: “Tɔ́nye”. Tɔ́a tɔ hebia be: “Metɔ! Wò vinye kae?” 19Yakob ɖo eŋu be: “Nye viwò ŋgɔgbea, Esau ye. Mewɔ nu si nèbe mawɔ la. Fɔ nàɖu adelã la, ne nàyram.” 20Ke Isak gblɔ na via be: “Vinye, ale ke wɔ nèke ɖe eŋu kaba ale?” Yakob ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, wò Mawu lae na lã la va kpem.” 21Tete Isak gblɔ na Yakob be: “Te ɖe ŋunye ne mali asi ŋuwò kpɔ be vinye Esau tututue nènye mahã.” 22Yakob te ɖe tɔ́a ŋu, eye esi wòle asi lim eŋu la, egblɔ be: “Gbea nye Yakob ƒe gbe; ke asiawo ya Esau ƒe asiwoe.” 23Ale medze sii be Yakob ye o, elabe fu le eƒe asi kedzekedze abe nɔvia Esau tɔ ene. Isak di be yeayrae, 24ke egabiae be: “Vinye Esau, wò tututu yea?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, nyee!” 25Tete Isak gblɔ be: “Tsɔ vinye ƒe adelã la vɛ maɖu ne mayra wò.” Yakob tsɔe vɛ nɛ wòɖu, eye wòna wain hãe wòno. 26Azɔ tɔ́a gblɔ nɛ be: “Te ɖe ŋunye azɔ, vinye, ne nàgbugbɔ nu nam!” 27#Heb 11.20. Esi wòte ɖe eŋu gbugbɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se, ale wòyrae. Egblɔ be:
“Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm lílilĩ
abe anyigba
si Aƒetɔ yra la ene.
28Mawu nena zãmu nadza tso dzi,
nena wò anyigba nenyo.
Nena bli kple wain nawɔ
na wò fũu.
29 # Mos I, 12.3. Dukɔwo nesubɔ wò,
eye ƒomewo nede ta agu na wò!
Ɖu aƒetɔ ɖe nɔviwò ŋutsuwo dzi,
eye dawò viwo nebɔbɔ ɖe tewò.
Ame si ƒo fi de wò la,
woaƒo fi adee,
eye ame si yra wò la,
woayra eyama.”
Esau ɖe kuku na Isak be neyra ye
30Esi Isak yra Yakob vɔ, eye Yakob do dzo le egbɔ teti ko la, nɔvia Esau nye esi tso adegbe gbɔ va. 31Eya hã ɖa nu nyui aɖe vɛ na tɔ́a. Egblɔ nɛ be: “Tɔ́nye, meɖe kuku, fɔ nàɖu viwò ŋutsu ƒe adelã la ne nàyram.” 32Isak bia be: “Wò ame kae?” Eɖo eŋu be: “Nye viwò ŋgɔgbea, Esau ye.” 33Vɔvɔ̃ lé Isak eye wònɔ dzodzom nyànyanya hebia be: “Ke ame kae de adegbe gbɔ tsɔ adelã vɛ nam? Ɖeko meɖu nua katã vɔ heyra amea ko nye esi nèva do. Eya tɔ ko yayra la nye. Ẽ, evɔ.” 34Esi Esau se nya sia la, edo ɣli sesĩe kple vevesese be: “Oo! Tɔ́nye, yra nye hã!” 35Isak ɖo eŋu be: “Nɔviwò wɔ aye va xɔ wò yayra la dzoe xoxo.” 36#Mos I, 25.29-34. Esau gblɔ be: “Yakob ko woayɔ nɛ vavã! Zi eveliae nye esi wòlé afɔkpodzi nam hebam. Exɔ nye ŋgɔgbevinyenye va yi, azɔ egaxɔ nye yayra hã.” Eyi edzi bia tɔ́a be: “Mèsusɔ yayra aɖeke ɖi nam oa?” 37Isak ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, meɖoe amegã ɖe dziwò, eye metsɔ nɔvia ŋutsuwo wɔ eƒe dɔlawoe. Metsɔ bli kple wain hã nɛ. Evɔ. Vinye, nu ka gɔ̃e li magawɔ na wò?” 38#Heb 12.17. Esau ɖe kuku na tɔ́a vevie be: “Tɔ́nye, meɖe kuku, yayra ɖeka ma koe le asiwòa? Tɔ́nye, yra nye hã dzro!” Esau wó avi doo.
39 # Heb 11.20. Tete tɔ́a Isak gblɔ nɛ be:
“Kpɔ ɖa, wò nɔƒe adidi tso anyigba wɔnu gbɔ,
eye ànɔ adzɔge tso zãmu gbɔ.
40 # Mos I, 36.8; Fia II, 8.20. Wò aʋawɔyi dzi nànɔ agbe ɖo.
Àsubɔ nɔviwò;
evɔ ne èdze aglã ɖe eŋu la,
àdo le eƒe ŋusẽ te.”
41Azɔ Esau lé fu Yakob elabe wo tɔ́ yra eya. Eɖo nugbe ɖe eŋu gblɔ le eɖokui me be: “Mía tɔ́ ƒe kuɣi le kpuie. Ne wole fu nyim nɛ ko la, mawu nɔvinye Yakob godoo.” 42#Nya 10.10.Wogblɔ Esau ƒe nugbeɖoɖoa na Rebeka. Ale wòna woyɔ Yakob, via ɖevitɔ vɛ nɛ. Egblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nɔviwò Esau ɖo nugbe ɖe ŋuwò be yeabia hlɔ̃ awu wò. 43Eya ta, vinye, ɖo to nàwɔ nu si gblɔ ge mala na wò la. Netsɔ na wò nàsí yi ɖe nɔvinye Laban gbɔ le Xaran. 44Nɔ egbɔ va se ɖe esime nɔviwò ƒe dzi nafa. 45Ne edzudzɔ dzikudodo ɖe ŋuwò, eye wòŋlɔ nu si nèwɔ ɖe eŋu la be la, madɔ ame ɖa woava kplɔ wò tso afi ma vɛ. Nu ka ta mi ame evea miaku nam le ŋkeke ɖeka dzi?”
Isak ɖo Yakob ɖe Laban
46Rebeka gblɔ na Isak be: “Xiti-nyɔnu siwo Esau ɖe la na agbenɔnɔ ti kɔ nam. Ne Yakob hã aɖe Xiti-nyɔnuvi siawo ƒe ɖe la, ɖeko maku.”

Currently Selected:

Mose I 27: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in