YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 22

22
Mawu bia Abraham be wòatsɔ Isak asa vɔe na ye
1 # Nya 10.5; Sir 44.20; Heb 11.17-19. Esiawo megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be: “Abraham!”, eye wòtɔ be: “Nyee nye esi!” 2#Kron II, 3.1. Mawu gblɔ nɛ be: “Kplɔ Isak, viwò ɖeka hɔ̃ la, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye nàtsɔe mè nu le to aɖe si mafia wò la dzi. 3Abraham fɔ ŋdi kanya, eye wòbla akpa na eƒe tedzi. Eyɔ eƒe dɔla eve kple Isak, eye wòdze nake ɖe numemevɔsa ŋu. Azɔ edze mɔ ɖo ta teƒe si Mawu fiae la. 4Ŋkeke etɔ̃a gbe la, Abraham kpɔ teƒe la ɖa ʋĩi. 5Tete Abraham gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Miawo minɔ afii kple tedzia ne nye kple vinyea míayi ŋgɔ aɖasubɔ Mawu agbɔ.” 6Abraham lé nake la ɖe ta na via Isak, eye eya ŋutɔ ɖe dzo, tsɔ hɛ ɖe asi, eye wo kple evea dze mɔ. 7Esi woyina la, Isak yɔ tɔ́a be: “Tɔ́nye!” Etɔ be: “Nyee nye esi, vinye!” Isak biae be: “Kpɔ ɖa, dzoe nye esi; nake hãe nye esi. Meɖe kuku, alẽvi si míatsɔ amè nui la ya ɖe?” 8Abraham ɖo eŋu be: “Vinye, Mawu ŋutɔ ana alẽvi si míatsɔ amè nui.” Ale wo kple eve la gaɖo ta ŋgɔ.
9 # Yak 2.21. Esi woɖo teƒe si Mawu fiae la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nake la ɖe edzi. Ebla Isak, kɔe da ɖe nakea dzi le mlekpuia dzi. 10Azɔ Abraham do asi ɖa, tsɔ hɛ be yeawu ye viŋutsu la. 11Ke Aƒetɔ ƒe dɔla yɔe tso dziƒo be: “Abraham! Abraham!” Etɔ be: “Nyee nye esi!” 12Egblɔ nɛ be: “Mègaka asi ɖevia ŋu o; mègawɔ nu vevi aɖeke hãe o. Menyae azɔ be mawuvɔ̃la nènye, elabe mète viwò ɖeka hɔ̃ lam o.” 13Abraham trɔ kɔ. Kasia agbo aɖee nye ekem le emegbe, eƒe dzowo ku aveka. Eyi ɖalée, eye wòtsɔe sa vɔ lae ɖe via teƒe. 14Ale Abraham na ŋkɔ teƒe ma be: “Aƒetɔ ye naa nu.” Eya ta wogblɔna va se ɖe egbegbe be: “To dzie Aƒetɔ naa nu le.”#22.14: Nyagbe sia ate ŋu anye Aƒetɔ kpɔa nu hã le Hebri-gbe me.
15Aƒetɔ ƒe dɔla yɔ Abraham zi evelia tso dziƒo, 16#Heb 6.13, 14. eye wògblɔ be: “Metà ɖokuinye, esi nèwɔ nu sia, eye mète viwò ɖeka hɔ̃ lam o ta la, 17#Heb 11.12. mayra wò ale gbegbe, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo axɔ woƒe futɔwo ƒe duwo. 18#Dɔw 3.25. Esi nèwɔ nye gbe dzi ta la, woayra anyigba dzi dukɔwo katã to wò dzidzimeviwo dzi.” 19Ale Abraham trɔ va eƒe dɔlawo gbɔ, eye wodze mɔ yi Beer-Seba, afi si Abraham ɖanɔ.
Naxor ƒe dzidzimeviwo
20Esiawo megbe la, Abraham se be Milka hã dzi viŋutsuwo na ye nɔvi Naxor. 21Woƒe ŋkɔwoe nye: Uz, Naxor ƒe ŋgɔgbevi, Buz, Kemuel, ame si me Aramtɔwo dzɔ tso, 22Kesed, Hoso, Pildoas, Yidlaf kple Betuel. 23Betuel dzi Rebeka. Vi enyi siawoe Milka dzi na Naxor, Abraham nɔvi la. 24Eƒe ahiãvi, si ŋkɔe nye Rehuma la, hã dzi Tebax, Gaham, Tahas kple Maxa nɛ.

Currently Selected:

Mose I 22: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in