YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 20

20
Abraham ɖe kuku ɖe Abimelex ta
1Abraham ʋu tso Mamre yi anyigbemekegbegbe lɔƒo, eye wòɖanɔ Kades kple Sur dome. Esi wònɔ Gerar abe amedzro ene la, 2#Mos I, 12.13; 26.7. egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara. Ale Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ nɛ. 3Ke gbe ɖeka, le zã me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelex le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, èle kuku ge le nyɔnu si nèxɔ la ta. Ame srɔ̃e!” 4Ke Abimelex mede asi nyɔnua ŋu haɖe o; ale wògblɔ na Mawu be: “O Aƒetɔ, ame maɖifɔwo hãe nèbe yeawua? 5Menye eya ŋutɔe gblɔ nam be ye nɔvinyɔnu ye oa? Sara ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ be ye nɔviŋutsu ye. Nye dzi mebu fɔm o, eye nyemeda vo o ɖe.” 6Mawu ɖo eŋu nɛ le drɔ̃eƒe be: “Nyateƒe, nye hã menyae be wò dzime kɔ le nu si nèwɔ la me, eya ta meɖo asi dziwò be nàgade asi eŋu ava wɔ vɔ̃ ɖe ŋunye o.” 7Azɔ gbugbɔ nyɔnua na srɔ̃a, elabe nye gbeƒãɖela ŋutsua nye, ne wòaɖe kuku ɖe tawò nàtsi agbe. Ke ne ègbe mètrɔe nɛ o la, ekema nànyae nyuie be wò kple aƒewò me tɔwo katã miele kuku ge.”
8Abimelex fɔ ŋdi kanya, eye wòyɔ eƒe dɔlawo katã vɛ heto nya si dzɔ la na wo. Vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe. 9Tete Abimelex yɔ Abraham eye wòbiae be: “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nu vɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ ɖe ŋuwò hafi nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Womewɔa nu sia, si nèwɔ ɖe ŋunye la, gbeɖegbeɖe o. 10Ale ke nèbu hafi wɔe?” 11Abraham ɖo eŋu be: “Nye ya metsɔe be mawuvɔ̃la aɖeke mele afi sia o, ale woawum axɔ srɔ̃nye. 12Ke hã, le nyateƒe me la, nɔvinye nyɔnue, elabe tɔ́viwo míenye, ke menye dadaviwo o, eye meɖee. 13Esi Mawu be maʋu le tɔ́nye ƒeme ayi dzronyigba dzi la, megblɔ na Sara be: ‘Medi be nàve nunye. Afi sia afi si míaɖo la, gblɔ na ame sia ame be ye nɔviŋutsue menye.’ ” 14Tete Abimelex gbugbɔ Sara na Abraham, eye wòna alẽwo, nyiwo kple kluviwo hãe. 15Egblɔ na Abraham be: “Tɔnyee nye anyigba sia katã. Nɔ afi sia afi si nyo ŋuwò la.” 16Egblɔ na Sara be: “Kpɔ ɖa, metso afia na wò. Metsɔ klosaloga akpe ɖeka na nɔviwò be matsɔ afia ame siwo katã le ŋuwò, be ŋukpe aɖeke mele ŋuwò o, eye mèwɔ vɔ̃ aɖeke o.” 17Tete Abraham do gbe ɖa na Mawu, eye Mawu yɔ dɔ Abimelex kple srɔ̃a kpakple eƒe kosiviwo ale be wodzi viwo. 18Elabe le Sara, Abraham srɔ̃, ta la, Aƒetɔ xe nyɔnu siwo katã le Abimelex ƒeme la ƒe vidzidɔ nu.

Currently Selected:

Mose I 20: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in