YouVersion Logo
Search Icon

Mose II KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Mose ƒe Agbalẽ Evelia si woyɔna hã be “Ʋuʋudzo” la nye agbalẽ si xlẽ ale si Israelviwo ʋu dzo le Egipte-nyigba, si dzi wova zu kluviwo le la fia. Woƒe dzodzo siae nye nyadzɔdzɔ vevitɔ le Israel-dukɔa ƒe ŋutinya me.
Agbalẽa ma ɖe akpa gã ene me. Akpa gbãtɔ ƒo nu le ale si Israelviwo do tso kluvinyenye me la ŋu. Akpa evelia ƒo nu le woƒe mɔzɔzɔ va ɖo Sinai-to gbɔ ŋu. Akpa etɔ̃lia xlẽ ale si Mawu bla nu kple Israel le Sinai la fia. Nubabla sia me wòde se vovovowo na dukɔa le, le agbe nyui nɔnɔ, dukɔmegbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ ŋu. Akpa enelia nye ale si wotu Israelviwo ƒe mawusubɔƒe, ale si wodzra teƒea ɖo, nunɔlawo kple dukɔmeviwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti sewo.
Heƒo ta la, agbalẽa ƒo nu le nu vovovo siwo Mawu wɔ tsɔ ɖe eƒe dukɔ tso kluvinyenye me, eye wòna wozu dukɔ si nɔ mɔ kpɔm ɖaa be ŋgɔgbe me ava nyo na yewo kokoko la ŋu.
Ame si ŋkɔ ɖi le Ʋuʋudzogbalẽa me wu lae nye Mose. Eyae Mawu tia be wòakplɔ yeƒe dukɔa adzoe le Egipte. Agbalẽa ƒe akpa si amewo nya wu lae nye Se Ewoawo. Wole ta bla evelia me. (20.1-17)
Agbalẽ ƒe nyatiwo
Woɖe asi le Israelviwo ŋu be woadzo le Egipte 1.1—15.22
a. Israelviwo ƒe kluvimenɔnɔ le Egipte 1.1—1.22
b. Mose dzidzi, eƒe ɖevime kple ɖekakpuimenɔɣi 2.1—4.31
d. Mose kple Aron he nya kple Egipte Fiagã 5.1—11.10
ɖ. Ŋutitoto la kple dzodzo le Egipte 12.1—15.21
Mɔzɔzɔ tso Aƒlaƒu la nu va ɖo Sinai-to la gbɔ 15.22—18.27
Nubabla la kple Se la 19.1—24.18
Mawu ƒe agbadɔ la kple subɔsubɔ ŋu ɖoɖoawo 25.1—40.38

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in