Mose II 7:9-10
Mose II 7:9-10 EB14
“Ne Egipte Fiagã la gblɔ na mi be: ‘Miwɔ nukunu aɖe míakpɔ’ la, ekema nàgblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti da ɖe anyigba le Egipte Fiagã la ŋkume ne wòazu da.’ ” Ale Mose kple Aron woyi Egipte Fiagã la gbɔ, eye wowɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo be woawɔ la: Aron ɖe asi le eƒe atizɔti la ŋu da ɖe anyigba le Fiagã la kple eŋumewo ŋkume, eye wòtrɔ zu da.