Mose II 7:3-4
Mose II 7:3-4 EB14
Ke mana Egipte Fiagã ƒe dzime nasẽ eye mawɔ dzesi kple nukunu geɖe le Egipte-nyigba dzi, ke Fiagã la maɖo to mi o. Maɖo asi Egipte dzi akplɔ nye aʋakɔ, nye dukɔ Israelviwo, ado goe tso Egipte-nyigba dzi to nu gã siwo mawɔ atsɔ ahe toe na wo la me.