Mose II 23
23
Ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ
1 #
Mos II, 20.16; Mos III, 19.11, 12; Mos V, 5.20. “Mègalé aʋatso nya ɖe nu o. Mègade ha kple nuvɔ̃ɖi wɔla ne nàva nye aʋatsoɖaseɖila o. 2Mèganɔ amehawo yome aɖawɔ nuvɔ̃ɖi, alo ade ame geɖewo dzi le kodzoɖiƒe atrɔ nya dzɔdzɔe ta atu o. 3#Mos III, 19.15. Mègade ame dahe dzi le kodzoɖiƒe o.
4 #
Mos V, 22.1-4. “Ne èke ɖe wò futɔ ƒe nyi alo tedzi si bú ŋu la, kplɔe vɛ nɛ. 5Ne agba wú ame si lé fu wò ƒe tedzi eye lã la dze anyi la, mègadze to eŋu yi o. Kpe ɖe eŋu ne miafɔ tedzia ɖe tsitre.
6 #
Mos III, 19.15; Mos V, 16.19. “Mègatrɔ ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe ta tu le ʋɔnu o. 7Mègaka aʋatso ɖe ame aɖeke si o, eye mègakɔ ame maɖifɔ, ame si ƒe nya dzɔ la ƒe ʋu ɖi o, elabe nyematso afia na ame vɔ̃ɖi o. 8Mègaxɔ zãnu o, elabe zãnu ɖe wògbãa ŋku na dumegãwo eye wòtrɔa ame siwo ƒe nya dzɔ la boŋ wozua fɔɖilawo.
9 #
Mos II, 22.21; Mos III, 19.33, 34; Mos V, 24.17, 18; 27.19. “Mègaté amedzro ɖe anyi o. Mienya ale si amedzro ƒe dzi le elabe miawo hã mienye amedzrowo kpɔ nɔ Egipte-nyigba dzi.
Ƒè adrẽlia kple ŋkeke adrẽlia
10 #
Mos III, 25.1-7. “De agble ɖe wò anyigba dzi ƒe ade, eye nàƒo ƒu nuku siwo le edzi. 11Ke le ƒè adrẽlia me la, na anyigba la nagbɔ ɖe eme azu flu ale be ame dahe siwo le wò dukɔ me la nakpɔ nu aɖu, eye nu si wosusɔ ɖi la, gbemelãwo nava ɖui. Wɔ nenema ke le wò waingble kple wò amitigblewo me hã.
12 #
Mos II, 20.9-11; 31.15; 34.21; 35.2; Mos III, 23.3; Mos V, 5.13, 14. “Wɔ ŋuwò dɔwo ŋkeke ade, eye le ŋkeke adrẽa gbe la, nàgbɔ ɖe eme, be wò nyi kple wò tedzi, wò kosi ƒe viŋutsu kple amedzro siaa hã nadzudzɔ.
13Miwɔ nya siwo katã megblɔ na mi la dzi. Migayɔ mawu bubu aɖeke ŋkɔ o; ɖeke ŋkɔ megaɖi le mia nu gɔ̃ hã o.
Ŋkeke nyui gã etɔ̃awo
(Mos II, 34.18-26; Mos V, 16.1-17)
14“Miɖu ŋkekenyui nam zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me. 15#Mos II, 12.14-20; Mos III, 23.6-8; Mos IV, 28.17-25.Le Abib si nye ɣleti si me mieʋu dzo le Egipte me la, miɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui abe ale si meɖoe na mi la ene. Miɖui ŋkeke adrẽ, eye le ŋkeke adrẽ mawo me la, migaɖu abolo aɖeke si me amɔwɔʋãnu le la o. Ame aɖeke negava ŋkunye me asi ƒuƒlu o. 16#Mos III, 23.15-21; Mos IV, 28.26-31; Mos III, 23.39-43. Ne èdze nu siwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, nàɖu ŋkekenyui, eye ne èƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava eme le ƒè la ƒe nuwuwu me la, ekema nàgaɖu ŋkekenyui. 17Miaƒe ŋutsuwo katã nava Aƒetɔ Mawu ŋkume zi etɔ̃ le ƒè ɖeka me.
18“Migatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu kpe ɖe abolo si me wode amɔwɔʋãnui la ŋu o. Migana nye ŋkekenyui ƒe vɔsalã ƒe ami natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.
19 #
Mos V, 26.2; Mos II, 34.26; Mos V, 14.21. “Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ si nàŋe la va Aƒetɔ, wò Mawu ƒeme.
“Mègaɖa gbɔ̃vi le nɔa ƒe notsi me o.
Ŋugbedododwo kple nufiafia
20“Kpɔ ɖa, medɔ dɔla aɖe ɖe mia ŋgɔ be wòakpɔ mia ta le mɔ dzi, eye wòakplɔ mi ayi teƒe si medzra ɖo ɖi la. 21Mibui eye miɖo to eƒe gbe. Migadze aglã ɖe eŋu o, elabe nyee dɔe. Ne mietsi tre ɖe eŋu la, matsɔ miaƒe dzidada ake mi o, elabe nye ŋkɔ le eŋu. 22“Gake ne mieɖo to eƒe gbe nyuie, eye miewɔ nu siwo katã meɖo na mi la, ekema manye futɔ na miaƒe futɔwo kple ketɔ na miaƒe ketɔwo.
23“Ne nye dɔla dze mia ŋgɔ yi Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ la, 24migade ta agu na woƒe mawuwo loo, asubɔ wo loo, alo akpɔ woƒe nuwɔna aɖeke awɔ o. Ke boŋ migblẽ woƒe mawuawo keŋkeŋ eye migbã woƒe legbawo gudugudu. 25Misubɔ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye nye la, mayra miaƒe nuɖuɖu kple miaƒe tsi, eye maɖe dɔlélewo ɖa le mia dome. 26Fu mage le nyɔnuwo ƒo loo, alo nyɔnu aɖe natsi ko le miaƒe anyigba la dzi o. Mana mianɔ agbe wòade edeƒe.
27Maɖo vɔvɔ̃ si le ŋunye la ɖe mia ŋgɔ, eye dukɔ siwo katã dome miava la, atɔtɔ, eye miaƒe futɔwo atrɔ megbe así le mia nu. 28Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ be woanyà Xivitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo ɖa le mia ŋgɔ. 29Nyemanyà wo ɖa woadzo le ƒe ɖeka me o. Ne menye nenema o la, anyigba la aɖi gbɔlo, lã wɔadãwo asɔ gbɔ ɖe edzi akpa ɖe mia ŋu. 30Ke boŋ manɔ wo nyàm ɖa ʋɛʋɛʋɛ va se ɖe esime miadzi ɖe edzi axɔ anyigba la dzi katã. 31Miaƒe liƒo atso Aƒlaƒu la nu aɖado ɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu; agatso gbedadaƒo la va se ɖe Frat-tɔsisi la nu. Matsɔ anyigba la dzi nɔlawo ade asi na mi, eye mianyà wo ɖa le mia ŋgɔ. 32Migabla nu aɖeke kple wo loo, alo kple woƒe mawu o. 33Womeganɔ miaƒe anyigba la dzi o. Ne wotsii la, woawɔ vɔ̃ ɖe ŋunye, elabe ne miesubɔ woƒe mawuwo la, anye mɔ̀ na mi godoo.
Currently Selected:
Mose II 23: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.