Mose II 21
21
Nɔnɔ ɖe kluviwo ŋu
(Mos V, 15.12-18)
1“Azɔ la, esiawo nye se siwo nàtsɔ ɖo wo ŋkume: 2#Mos III, 25.39-46.Ne èƒle Hebritɔa aɖe kluvii la, awɔ dɔ ƒe ade. Le ƒè adrẽlia me la, adzo fe aɖeke maxee. 3Nenye eya ɖekae va la, ekema eya ɖeɖe nadzo. Nenye eya kple srɔ̃ae va la, ekema eya kple srɔ̃a nadzo. 4Nenye eƒe aƒetɔe ɖe srɔ̃ nɛ, eye srɔ̃a dzi viwo nɛ la, ekema nyɔnua kple viawo azu eƒe aƒetɔ tɔ, eye wòagblẽ wo ɖi adzo. 5Ke ne kluvia gblɔ faa be: ‘Melɔ̃ nye aƒetɔ, srɔ̃nye kple vinyewo. Nyemagblẽ wo ɖi adzo o’ la, 6ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe va Mawu ŋkume, eye wòaŋɔ to nɛ kple nuŋɔnu le ʋɔtru alo ʋɔtruti ŋu be woasubɔe va se ɖe eƒe kugbe.
7“Ne ŋutsu aɖe tsɔ via nyɔnu dzra kosii la, eya madzo abe ŋutsuwo ene o. 8Nenye be eƒe nu meganyo eƒe aƒetɔ ŋu o, eye medi be yeaɖee o la, ekema ana kosia ƒe amewo nava gbugbɔe aƒle le eƒe aƒetɔ si. Aƒetɔ la mekpɔ mɔ adzrae na anyigba bubu dzi tɔ aɖeke o, elabe eble kosi la gbe eɖeɖe. 9Ne eɖoe be yeatsɔe na ye viŋutsu ne wòaɖe la, ekema awɔ nɛ abe eya ŋutɔ via nyɔnu ene. 10Ke ne egaɖe nyɔnu bubu la, megaɖe eƒe nuɖuɖu, avɔ, kple nu si wòwɔna nɛ abe srɔ̃ŋutsu ene la dzi o. 11Ne ŋutsua mele nu etɔ̃ siawo wɔm nɛ o la, ekema kosi la ate ŋu adzo le egbɔ faa fe aɖeke maxee.
Sewo le ŋutasesẽ nuwɔwɔ ŋu
12 #
Mos III, 24.17. “Ne ame aɖe ƒo ame wòku la, woawu eya hã. 13#Mos IV, 35.10-34; Mos V, 19.1-13; Yos 20.1-9. Gake ne amea meɖoe tsã be yeawu ame la o, ke wònye nu si Mawu na wòva eme to edzi la, ekema maɖo teƒe aɖe na wò afi si amewula la nate ŋu así ayi. 14Ke ne ame aɖe ɖoe koŋ wu nɔvia to ayemɔ dzi alo le dziku me la, woahee tso nye vɔsamlekpui la gɔ̃ hã gbɔ, aɖawu.
15“Ame si ke ƒo tɔ́a alo nɔa la, woawui.
16 #
Mos V, 24.7. “Ame si ke fi ame dzra alo wokpɔe le esi la, woawui.
17 #
Mos III, 20.9; Mat 15.4; Mar 7.10. “Ame si ke ƒo fi de tɔ́a alo nɔa la, woawui.
18“Ne ŋutsuwo le dzre wɔm, eye ɖeka xlã kpe ɖe evelia vevie alo tu kɔe gake meku o, ke ehavia tsi aba dzi, 19eye ɣeyiɣi aɖe megbe wòtea ŋu tsona tɔna ɖe ati ŋu la, ekema ameƒola la meɖi fɔ o, ke hã axe ehavia ƒe afi ɖeka tsife kple dɔyɔfewo. Anɔ edzi kpɔm va se ɖe esime eƒe lã me nasẽ.
20“Ne ame aɖe ƒo eƒe kluvi alo kosivi kple ati wòku ɖe esi me la, woabia hlɔ̃e. 21Gake ne kluvia nɔ anyi ŋkeke ɖeka alo eve hafi ku la, womabia hlɔ̃ aƒetɔa o, elabe kluvia nye eƒe ga.
22“Ne ŋutsu aɖewo le avu wɔm, eye wowɔ nu vevi funɔ aɖe, eye to ema me fua ge gake naneke mewɔ nyɔnua ŋutɔ o la, nyɔnua srɔ̃ abla fe na ame si na fua ge, eye wòaxe fea abe ale si ʋɔnudrɔ̃lawo kpɔ be edze la ene. 23Gake ne nu vevi wɔ nyɔnua ŋutɔ la, ekema àna agbe ɖe agbe teƒe, 24#Mos III, 24.19, 20; Mos V, 19.21; Mat 5.38. ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe, 25dzobi ɖe dzobi teƒe, abi ɖe abi teƒe, kple dodro ɖe dodro teƒe.
26“Ne ame aɖe ƒo ŋku na eƒe kluvi alo kosi eye ŋkua gbã la, ele nɛ be wòaɖe asi le eŋu ne wòazu ablɔɖeme, elabe egbã ŋku nɛ. 27Nenema ke ne eŋe aɖu na eƒe kluvi alo kosi la, ele nɛ be wòaɖe asi le eŋu wòazu ablɔɖeme ɖe aɖu la ta.
Lãnyilawo ƒe dɔdeasiwo
28“Ne nyitsu aɖe tu dzo ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe wòku la, woaƒu kpe nyitsu la, eye womaɖu eƒe lã o; ke womahe to na nyi tɔ la ya o. 29Ke ne nyia dina tsã be yeatu dzo ame, eye wogblɔe na nyia tɔ gake metui ɖe kpo me o, eye nyia va wu ŋutsu alo nyɔnu aɖe mlɔeba la, woaƒu kpe nyia wòaku, eye woawu nyia tɔ hã. 30Ke ne wodo hlɔ̃fe na nyia tɔ ɖe esi woawui teƒe la, ekema ele be wòaxe fea wòade tututu abe ale si wobla nɛ ene. 31Nenye ŋutsuvi alo nyɔnuvie nyia tu dzoe wòku la, woazɔ ɖe ɖoɖo sia nu. 32Ne nyitsu tu dzo kluvi alo kosivi aɖe la, nyia tɔ axe klosaloga bla etɔ̃ na kluvia alo kosivia ƒe aƒetɔ, eye woaƒu kpe nyia wòaku.
33“Ne ame aɖe ʋu do aɖe nu da ɖi, alo ku do aɖe, metu nu ɖe enu o, eye nyitsu alo tedzi aɖe va ge dze eme la, 34doa tɔ naɖo eteƒe. Axe nyia alo tedzia ƒe fe na nua tɔ, eye lã kukua azu etɔ.
35“Ne ame aɖe ƒe nyitsu tu dzo ame bubu ƒe nyitsu wòku la, nyi tɔ eveawo adzra nyi si tsi agbe la, eye woama ga la; woama nyi tsu kuku la hã. 36Ke ne nyitsua dia dzotutu ame tsã, gake nyitɔa metui ɖe kpo me o la, adi nyitsu gbagbe aɖo nyitsu kuku la teƒe, eye lã kukua azu etɔ.
Currently Selected:
Mose II 21: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.