Mose II 18
18
Yetro ɖi tsa va Mose gbɔ
1Yetro, Mose to, ame si nye nunɔla le Midian la, se nu siwo katã Mawu wɔ na Mose kple eƒe dukɔ Israel kpakple ale si Aƒetɔ kplɔ Israel dzoe le Egipte. 2#Mos II, 2.21, 22. Tete Yetro, Mose to, kplɔ Mose srɔ̃ Zipora, ame si wòɖo ɖe aƒe,#18.2: Ame aɖeke menya nu si dzɔ hafi Mose ɖo srɔ̃a Zipora kple viawo ɖe toa tsã be woneyi ɖanɔ egbɔ gbɔ o. 3#Dɔw 7.29. kple via ŋutsu eveawo ɖe asi. Ɖeka ŋkɔ nye Gersom elabe Mose gblɔ be: “Amedzro menye le dzronyigba dzi.” 4Evelia ŋkɔ nye Eliezer elabe egblɔ be: “Tɔ́nye ƒe Mawu la kpe ɖe ŋunye, eye wòɖem tso Egipte Fiagã la ƒe yi nu.” 5Ale Yetro, Mose to, kple Mose viŋutsuawo kpakple srɔ̃a wova Mose gbɔ, le gbedadaƒo le Mawu ƒe to la gbɔ, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo. 6Ke ame aɖe ɖagblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, towò Yetro kple srɔ̃wò kpakple viwò ŋutsu eveawo gbɔna ɖe gbɔwò” 7Tete Mose do yi ɖakpe toa. Ede ta agu na toa eye wògbugbɔ nu nɛ. Wobia wo nɔewo ƒe dɔdɔ ta se, eye woge ɖe agbadɔ me. 8Mose gblɔ nu si katã Aƒetɔ wɔ Egipte Fiagã la kple Egiptetɔwo ɖe Israel ta la na toa. Nenema ke wòxlẽ nukpekeame siwo katã ɖe fu na wo le woƒe mɔzɔzɔa me kple ale si Aƒetɔ ɖe wo tso wo me la hã fia toa. 9Yetro kpɔ dzidzɔ le nyui si Aƒetɔ wɔ na Israelviwo kple ale si wòɖe wo tso Egiptetɔwo si me la ta.
10Yetro gblɔ be: “Woakafu Aƒetɔ, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo kple Egipte Fiagã la si me. 11Fifi ko menyae be Aƒetɔ lolo wu mawuwo katã elabe eɖe dukɔ la tso Egiptetɔwo si me, esime Egiptetɔwo te wo ɖe anyi dàdatɔe la.” 12Yetro, Mose to, sa numemevɔ kple vɔsa bubuwo na Mawu. Aron kple Israel-me tsitsiwo katã hã va be woaɖu nu kple Mose to le Mawu ŋkume.
Ʋɔnudrɔ̃lawo ɖoɖo
(Mos V, 1.9-18)
13Esi ŋu ke la, Mose bɔbɔ nɔ anyi be yeadrɔ̃ nya na dukɔ la, eye dukɔ la tsi tsitre ɖe egbɔ tso ŋdi va se ɖe fiẽ.” 14Esi toa kpɔ dɔ gbogbo siwo le edzi na dukɔa la, ebiae be: “Nu kae nye esi wɔm nèle? Nu ka ta nèlɔ dɔ gbogbo siawo kɔ ɖe ɖokuiwò dzi? Nu ka ta wòle be wò ɖeka nàbɔbɔ nɔ anyi eye dukɔ blibo la nava tsi tsitre anɔ lalawòm tso ŋdi va se ɖe fiẽ?”
15Mose ɖo eŋu na toa be: “Dukɔ la va gbɔnye be yewoabia nu Mawu. 16Ne ʋiʋli ɖo ame aɖe kple ehavi dome hã la, wotsɔa nya la vanɛ medrɔ̃na na wo, eye meɖea Mawu ƒe seawo kple ɖoɖowo me na wo.”
17Tete Mose to gblɔ nɛ be: “Nu si wɔm nèle la menyo o. 18Ɖeɖi ate wò ŋutɔ kple ame siwo vaa gbɔwò la siaa ŋu. Dɔ la sesẽ na wò akpa; wò ɖeka màte ŋu awɔe o. 19Azɔ ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò hã: Nye dukɔa ŋgɔnɔla le Mawu gbɔ, eye nàtsɔ woƒe nyawo anɔ Mawu ŋkume ɖom. 20Ɖe seawo kple ɖoɖoawo me na wo, nàfia ale si wòle be woanɔ agbee kple nu siwo wòle be woawɔ la wo. 21Azɔ tia ŋutsu zazɛ̃ aɖewo le ameawo dome eye nàɖo wo kplɔlawoe; ɖewo ɖe ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame bla atɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu. Ele be woanye ame vɔ̃mawuwo, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, ame siwo maxɔ zãnu o. 22Na ame siawo nanye dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo koŋ. Woate ŋu atsɔ nya sesẽwo ava wò ŋutɔ gbɔwòe, ke woawo nanɔ nya kpotokpotoewo katã drɔ̃m. Ale nàɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woawo axɔ agba la ƒe ɖe atsɔ. 23Ne èwɔ esia abe ale si Mawu di tso asiwò ene la, wò agba la azu wodzoe, eye dukɔ blibo la adzo yi aƒeme le ŋutifafa me.”
24Ale Mose ɖo to toa ƒe gbe, eye wòwɔ nu siwo katã wògblɔ nɛ la dzi. 25Etia ŋutsu zazɛ̃wo tso Israel-dukɔ blibo la dome tsɔ ɖo tatɔwo, ɖewo ɖe ame akpe nu, ɖewo ɖe alafa nu, ɖewo ɖe bla atɔ̃ nu, eye ɖewo ɖe ame ewo nu. 26Ame siawo katã drɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣe sia ɣi, negbe nya sesẽwo ko wogatsɔna vaa Mose ŋutɔ gbɔe.
27Emegbe Mose do mɔ toa wòtrɔ yi wo denyigba dzi.
Currently Selected:
Mose II 18: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.