Mose II 16
16
Mana kple tegliwo
1Eyome Israelviwo ƒe ha blibo la ho tso Elim va ɖo Sin-gbedadaƒo le Elim kple Sinai dome. Gbe ma gbee nye ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia gbe tututu esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi. 2Tete ameha blibo la de asi liʋiliʋĩlilĩ me le Mose kple Aron ŋu. 3Wobe: “Ne Aƒetɔ ɖe wòwu mí le míaƒe lãzewo gɔme le Egipte, afi si míeɖua nu ɖia ƒo nyuie le la, ne menyo wu esia be miekplɔ mí ameha gã sia va gbedadaƒo afii, be dɔ newu mí, míaku oa?”
4 #
Nya 16.20-29; Yoh 6.31. Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na mi ne ameawo ayi aɖafɔ gbe sia gbe. Gake abolo agbɔsɔsɔ sinu ame ɖeka ate ŋu aɖu gbe ɖeka la ko ame sia ame kpɔ mɔ afɔ le ŋkeke ɖeka dzi. Mawɔ esia atsɔ do wo kpɔ be woawɔ nye sewo dzi loo, alo womawɔ wo dzi o mahã. 5Le ŋkeke adelia dzi, kaka woaɖu nu si wofɔ vɛ vɔ la, adzi ɖe edzi ade agbɔsɔsɔ sinu wofɔna gbe sia gbe la ƒe teƒe eve.”
6Ale Mose kple Aron gblɔ na Israelviwo katã be: “Egbe fiẽ mianyae be Aƒetɔ ye kplɔ mi dzoe le Egipte vavã. 7Etsɔ ŋdi la, miele Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe kpɔ ge elabe Aƒetɔ se liʋiliʋĩ si lĩm miele le eŋu?” 8Mose yi edzi be: “Ne Aƒetɔ na lã mi mieɖu le fiẽ, eye mieɖu abolo ɖi ƒo le ŋdi, elabe Aƒetɔ se miaƒe liʋiliʋĩ si mielĩ le eŋu la, nu ka míawo míenye? Menye míawo ŋu mielĩ o, ke boŋ Aƒetɔ ŋue mielĩ.
9Mose gblɔ na Aron be: “Gblɔ na Israel ƒe ameha blibo la be: ‘Mite va Aƒetɔ ŋkume elabe ese miaƒe liʋiliʋĩlilĩ la.’ ” 10Esi Aron nɔ nu ƒom na Israel ƒe ameha bliboa la, wonɔ gbedadaƒo la lɔƒo kpɔm eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe do ɖe alilikpo me le wo ŋkume. 11Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 12“Mese Israelviwo ƒe liʋiliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: ‘Le fiẽ me la, lã si miaɖu la ava na mi, eye etsɔ ŋdi la, miakpɔ abolo aɖu wòasu mi nyuie ne mianyae be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.’ ”
13Esi fiẽ ɖo la, tegliwo va dze ɖe asaɖa la me hetsyɔ eƒe afi sia afi. Ŋufɔke ŋdi la, edzé be zãmu dza fũu ƒo xlã asaɖa la. 14Kasia zãmu la naƒu vɔ la, nu suesue, gbabɛ, gotoe aɖewo le gbedadaƒo la le anyigba fũu abe kpetsi ene. 15#Kor I, 10.3. Esi Israelviwo kpɔ wo la, wobia wo nɔewo be: “Nu kae nye esi?” Mose gblɔ na wo be: “Nu sia nye abolo si Aƒetɔ na mi be miaɖu. 16Se si Aƒetɔ de lae nye esi: ‘Ame sia ame nalɔ agbɔsɔsɔ si ade na eya ŋutɔ kple eƒe agbadɔmetɔwo le ŋkeke ɖeka me la ko, eye dzidzeme si wòaku ɖe ame ɖeka nu la nanye lita ene.’ ”
17Israelviwo yi ɖalɔ nuɖuɖu la. Ame aɖewo lɔe wòsɔ gbɔ wu ale si dze; ke ame aɖewo tɔ mede o. 18#Kor II, 8.15. Esi wodzidze wo kple omer vɔ la, eva dze be ame siwo tɔwo sɔ gbɔ akpa la megbɔ dzidzemea dzi akpa o, eye ame siwo tɔwo mede o hã mele sue akpa o; ame sia ame lɔ esinu wòate ŋu aɖu la. 19Mose gblɔ na wo be: “Migana ame aɖeke nagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o.” 20Gake womeɖo to Mose o, eye ame aɖewo gblẽe ɖi ŋu ke ɖe edzi; ke edze nyé eye wòƒaƒã. Mose do dɔmedzoe ɖe wo ŋu. 21Ŋdi sia ŋdi la, woyina ɖalɔnɛ; ame sia ame ɖe ale si wòate ŋu aɖu gbe ma gbe ko nu. Ne ŋdɔ ʋu la, esi tsi anyi la lólona.
22Le ŋkeke adea gbe la, wolɔ ŋkeke eve ƒe ɖuɖu, ame ɖeka lita ene. Ameha la ƒe amegãwo va gblɔe na Mose. 23#Mos II, 20.8-11. Eɖo eŋu na wo be: “Aƒetɔ be: ‘Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Aƒetɔ. Nuɖuɖua ƒe akpa si miatsɔ ƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye esi miaɖa la, miɖae. Ke midzra esi asusɔ la ɖo na etsɔ.’ ” 24Wodae ɖi ŋu ke ɖe edzi abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, gake meƒaƒã o, eye medze nyé hã o. 25Mose gblɔ na wo be: Miɖu eya egbe, elabe egbe nye dzudzɔgbe na Aƒetɔ; miele ɖeke kpɔ ge le gbe me alɔ o. 26Le ŋkeke ade me la, nuɖuɖu sia anɔ anyi miayi aɖalɔ; ke le ŋkeke adrẽa gbe, si nye dzudzɔgbe la, miele ɖeke kpɔ ge o.”
27Ke le ŋkeke adrẽa gbe la, ame aɖewo ya gayi be yewoaɖalɔ ɖe; womekpɔ ɖeke o. 28Aƒetɔ bia Mose be: “Ɣe ka ɣi gɔ̃ miagbe toɖoɖo nye sewo kple ɖoɖowo ase ɖo? 29Kpɔ ɖa, Aƒetɔ na dzudzɔgbe mi, eya tae wònaa ŋkeke eve ƒe nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖo. Ame sia ame nenɔ aƒeme le ŋkeke adrẽa gbe. Ame aɖeke megado go o.” 30Ale dukɔ la dzudzɔ eɖokui le ŋkeke adrẽa gbe.
31 #
Mos IV, 11.7, 8. Azɔ Israelviwo tsɔ ŋkɔ na nuɖuɖu la be mana. Ele abe xé ƒe tsetse ene gake efu ɣie, eye wòvivina abe tatali si me wode anyitsii ene. 32Mose gblɔ be: “Aƒetɔ de se be: ‘Miku gomer ɖeka dzra ɖo ɖi, ne wòanɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime be mia viwo nava nya nuɖuɖu si metsɔ nyi mi le gbedadaƒo esime mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi gbɔna.’ ” 33#Heb 9.4. Mose gblɔ na Aron be: “Tsɔ zevi nalɔ mana lita eve kɔ ɖe eme, eye nàtsɔe ɖaɖo Aƒetɔ ŋkume bene wòanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.” 34Ale Aron tsɔe da ɖe seawo gbɔ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be woawɔe ene. 35#Yos 5.12. Israelviwo ɖu mana la ƒe bla ene sɔŋ, va se ɖe esime wova ɖo anyigba si dzi amewo le la dzi. Mana la ɖeɖe ko woɖu va se ɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒo dzi. 36Omer ɖeka nye efa ƒe memama ewolia.
Currently Selected:
Mose II 16: EB14
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.