YouVersion Logo
Search Icon

Nyaɖeɖefia 9

9
Kpẽkuku atɔ̃lia kple adelia ƒe ɖiɖi kpakple vɔ̃ gbãtɔ kple evelia.
1Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpe ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotso aʋli me vudo ƒe safui nɛ. 2Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti. 3Eye ʋetsuviwo do go tso dzudzɔ la me ɖe anyigba la dzi, eye wona ŋusẽ wo, abe alesi ŋusẽ le anyigba dzi dziɖegbewo ŋu ene. 4Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko. 5Eye wona ŋusẽ wo be, woagawu wo o, ke boŋ bene woawo fu wo ɣleti atɔ̃ sɔŋ; eye woƒe fuwɔwɔ la le abe dziɖegbe ƒe ametete ƒe fuwɔame ene. 6Eye le ŋkeke mawo me la amewo aɖi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ. 7Eye ʋetsuviawo ƒe nɔnɔme le abe sɔ, siwo wodzra ɖo hena aʋawɔwɔ ene, eye nane le woƒe ta abe fiakuku, siwo ɖi sika ene, eye woƒe mo le abe amewo ƒe mo ene. 8Eye taɖa li na wo abe nyɔnuwo ƒe taɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo ƒe aɖuwo ene. 9Eye akɔtakpoxɔnu le wo si abe gakɔtakpoxɔnu ene, eye woƒe aʋalawo me ƒe ɖiɖi le abe tasiaɖam kple so geɖe, siwo le du sim yina aʋa la ƒe ɖiɖi ene. 10Eye asike le wo gɔme abe dziɖegbewo ene, eye ti le wo nu, eye woƒe ŋusẽ le woƒe asikewo me, be woawɔ vɔ̃ amewo ɣleti atɔ̃ sɔŋ. 11Eye fiãa ɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebri-gbe me be Abadon, eye woyɔnɛ le Hela-gbe me be Apolion (gblẽla). 12Vɔ̃ ɖeka nu va yi; kpo ɖa, vɔ̃ eve gale megbe gbɔna.
13Eye mawudɔla adelia ku kpẽ la, eye mese gbea ɖe ɖi tso sikavɔsamlekpui, si le Mawu ŋku me la, ƒe dzo eneawo gbɔ, 14le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to. 15Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia. 16Eye sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve; mese woƒe xexlẽme. 17Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me. 18Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti. 19Elabena sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nu kple woƒe asikewo me; elabena woƒe asikewo le abe dawo ene, eye ta le wo nu wotsɔna wɔa vɔ̃e. 20Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o. 21Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.

Currently Selected:

Nyaɖeɖefia 9: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in