Nyaɖeɖefia 6
6
Nutrenu gbãtɔ ameawo ʋuʋu.
1Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va! 2Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ ɣia ɖe, eye amesi ɖoe la, lé dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku nɛ, eye wòdo go yi ɖale dzi ɖum, bene yeakpɔ dziɖuɖu.
3Eye esime wòɖe nutrenu evelia ɖa la, mese nu gbagbe evelia le gbɔgblɔm bena: Va! 4Eye so bubua ɖe, si le dzie la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotso yi gã ɖe asi nɛ.
5Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi. 6Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.
7Eye esime wòɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia ƒe gbe wòle gbɔgblɔm bena: Va! 8Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.
9Eye esime wòɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ amesiwo wowu le Mawu ƒe nya kple ɖaseɖiɖi, si wolé ɖe asi ŋuti la, ƒe luʋɔwo le vɔsamlekpui la te; 10eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã? 11Eye wona lawu ʋlaya ɣi wo dome amesiame, eye wogblɔ na wo bena, woadzudzɔ ɣeyiɣi kpuia ɖe, yiɖase esime woƒe hadɔlawo kple wo nuvi, siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la, hã ƒe xexlẽme nu nade.
12Eye esime wòɖe nutrenu adelia ɖa la, mekpɔ, eye anyigbaʋuʋu gãa ɖe va dzo, eye ɣe tro zu yibɔ abe lãfukotoku ene, eye ɣleti tra zu abe ʋu ene. 13Eye dziƒoɣletiviwo ge ɖe anyigba abe alesi gboti dudua eƒe tsetse gbogbowo ɖe anyigba, ne ya sesẽa ɖe le ʋuʋum la ene. 14Eye woŋlɔ dziƒo ɖa abe agbalẽ ŋɔŋlɔ ene, eye woɖe to sia to kple ƒukpo sia ƒukpo ɖa le wo teƒe. 15Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me; 16eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?
Currently Selected:
Nyaɖeɖefia 6: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.