YouVersion Logo
Search Icon

Mateo 6

6
Le dɔmenyowɔwɔ, gbedodoɖa kple nutsitsidɔ ŋuti.
1Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o.
2Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo. 3Ke wò la, ne èle nu nam ame la, megana wò miasi nanya nusi wò nuɖusi wɔna o, 4bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.
5Eye ne miele gbe dom ɖa la, migano abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo. 6Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xogã me, eye esi nètu ʋɔa la, nado gbe ɖa na Fofowò le ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò. 7Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo. 8Eyaŋuti migaɖi woawo o; elabena mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ. 9Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! 10Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! 11Na miaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! 12Eye natsɔ miaƒe vodadawo ake mi, sigbe alesi miawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mia ŋuti la ene! 13Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen. 14Elabena ne mietsɔ amewo ƒe vodadawo ke wo la, ekema mia Fofo, si le dziƒo la, atsɔe ake miawo hã. 15Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o.
16Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo. 17Ke wò la, ne èle nu tsim le dɔdɔm la, si ami ɖe ta, eye nafu mo, 18bena amewo nagadze si wò nutsitsidɔ o; negbe Fofowò, si le ɣaɣlaƒe la ko, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.
Nuxɔxlɔ̃ le anyigba dzi nuwo ŋuti.
19Migadzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi, afisi agbagblaʋui kple nusiwo ɖua nu la, gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia, nu le la o; 20ke boŋ midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo, afisi agbagblaʋui kple nusiwo dua nu la, megblẽa nu le o, eye fiafitɔ medzea kpo va fia nu le o: 21elabena afisi wò nu nyui le la, afima wò dzi hã lanɔ. 22Ame blibo la ƒe akaɖi enye ŋku; ne wò ŋku dzi dza la, wò ame blibo la katã me lakɔ. 23Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti. Azɔ ne kekeli, si le mewo la, zu viviti la, aleke viviti ŋutɔ lahasɔ gbɔe! 24Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o. 25Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o. Alo agbe mewu nuɖuɖu o ɖe, eye ame blibo la mewu avɔtata o ɖe? 26Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã? 27Eye amekae le mia dome, ne ele fu ɖem na eɖokui la, wòate ŋu atso abɔ ɖeka akpe ɖe eƒe agbenɔɣi ŋu mahã? 28Eye nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o; 29ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. 30Eye ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etso kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mí xɔseʋeetɔwo! 31Eyaŋuti migaɖe fu na mia ɖokui agblɔ bena: Nuka míaɖu, nuka miano, alo nuka míatsɔ ata mahã o. 32Elabena nenem nusiawo katã tɔgbe trɔ̃subɔlawo dina; ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyae bena, nenem nusiawo katã hiãa mi. 33Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi. 34Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.

Currently Selected:

Mateo 6: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in