Maleaxi 1
1
Israel ƒe akpemadamada.
1Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ na Israel to Maleaxi dzi.
2Ale Yehowa gblɔ esi: Melɔ̃ mi. Eye ne miebe: Nuka nètsɔ lɔ̃ mí hã la, ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe menye Yakob nɔvie nye Esau oa? Melɔ̃ Yakob, 3ke melé fu Esau ya; metsɔ eƒe towo wo gbegbee, eye eƒe ɖomenyinu zu gbedada ƒo na amegãxiwo. 4Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“. 5Eye miakpɔe kple miaƒe ŋkuwo agblɔ hena; Yehowa tri akɔ gbɔ Israel ƒe anyigba ta!
Tohehe na nunɔlawo kple dukɔ la le nu manyomanyo meme ŋuti.
6Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la? 7mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo va nye vɔsamiekpui dzi hafi le gbɔgblɔm be. Nuka míetsɔ do gu wo hã? Eye miele gbɔgblɔm be: Yehowa ƒe kplɔ̃ ɖi gbe. 8Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe. 9Eyata miƒo koko na Mawu, ne wòave mia nu. Miawoe wɔnusla, ɖe miebuna be, agalɔ̃ miaƒe nyaa? Yehowa Zebaot ye gblɔe. 10Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe. 11Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe. 12Ke miawo miedo gui hele gbɔgblɔm be; Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o, eye edzi nuɖndu le ŋu nyɔm. 13Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe. 14Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.
Currently Selected:
Maleaxi 1: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.