Yuda 1
1
Kpɔkplɔyiɖeme.
1Yuda, Yesu Kristo ƒe dɔla kple Yakobo nɔvi la, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo woyɔ, eye wowɔ wo kɔkɔe le Mawu Fofo la me, eye wodzra wo ɖo le Yesu Kristo me la; 2Nublanuikpɔkpɔ kple ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!
Le ameblela viawo ŋuti.
3Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta. 4Elabena amea ɖewo va tra ɖe eme dzaa, amesiwo woŋlɔ ɖi tso blema ke hena ʋɔnudɔdrɔ̃ sia: Ame mavɔ̃mawuwo, amesiwo trɔa mía Mawu ƒe amenuveve yina ɖe agbe baɖa nɔnɔ me, eye wogbe nu le mia dziɖula kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo la gbɔ.
5Ke mele didim bena, maɖo ŋku dzi na mi amesiwo nya nuwo katã xoxo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu bena, esime Aƒetɔ la ɖe dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, emegbe la etsrɔ̃ amesiwo mexɔ se o la. 6Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. 7Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la: 8Nenema ke drɔ̃ekula siawo hã ƒoa ɖi ŋutilã, eye woɖoa vlo aƒetɔnyenyewo, eye wogblɔa busunya ɖe ŋutikɔewo ŋuti. 9Ke Mixael, mawudɔla gã la, esime wòle anuku tsyɔm hele nu ƒom kple Abosam le Mose ƒe kukua ŋuti la, medo dzi gblɔ busufɔbubu ɖe eŋuti o, ke boŋ egblɔ bena: Aƒetɔ la laka mo na wò! 10Ke ame mawo la wogblɔa busunya ɖe nusiwo womenya o la ŋuti; ke nusiwo gɔme wose tso dzɔdzɔme abe lã nyasã manɔsitɔwo ene la, wogblẽ wo ɖokui le nusiawo me. 11Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mo dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe agudzedze la me. 12Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo, 13ƒutsotsoe dzeagbo, siwo kplɔa woa ŋutɔwo ƒe ŋukpenanuwo va kɔna ɖe go, ɣletivi tramɔ, siwo wodzra ɖo hena viviti tsiɖitsiɖi yi ɖe mavɔmavɔ me la, wonye. 14Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, 15bene wòaɖrɔ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta. 16Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu hafi, woƒe nu gblɔa dadalawo, eye wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.
17Ke, mi hiãtɔwo, miɖo ŋku nya, siwo mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo gblɔ tsã la dzi, 18alesi wogblɔ na mi bena: Le nuwuwu ɣeyiɣiawo me la fewuɖula, siwo zɔna le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzro vlowo nu la le vava ge. 19Amesiawo nye amesiwo wɔa mamãwo, dzɔdzɔmeme, siwo me gbɔgbɔ mele o.
Nuxɔxlɔ̃ hena tenɔnɔ sesĩe le xɔse kple nufiafia dzadzɛ la me.
20Ke, mi hiãtɔwo la, mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me, 21eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la bena agbe mavɔ. 22Eye mikpɔ nublanui na amea ɖewo, amesiwo le ɖi kem, 23miɖe ame bubua ɖewo, eye mihe wo do go tso dzo la me, mitsɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui na amea ɖewo, eye milé fu awu, si ŋutilã ƒo ɖi la gɔ̃ hã.
Nuwunya.
24Ke amesi ate ŋu alé mi ɖe asi, bena miagakli nu o, eye wòate ŋu atsɔ mi atu tsitre ɖe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋku me mokaka manɔŋui le dzidzɔ gã me; 25Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!
Currently Selected:
Yuda 1: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.