YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 7

7
Noa yi aɖakaʋu la me.
1Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome. 2Ɖe lã matsrimatsriwo katã atsu kple asi adreadre, kple lã tsitsriwo atsu kple asi eveveve. 3Nenema ke naɖe dziƒoxe dzodzoewo hã atsu kple asi adreadre, bena woƒe ƒome natsi agbe le anyigba dzi. 4Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi. 5Eye Noa wɔe, abe alesi Mawu de se nɛ ene. 6Noa xɔ ƒe alafa ade, esime tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba. 7Eye Noa kple viaŋutsuwo kple srɔ̃a hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me, hafi tsi va ɖe anyigba. 8Lã matsrimatsriwo kple lã tsitsriwo kple xe dzodzoewo hekpe ɖe nusiwo katã tana le anyigba dzi la ŋuti 9woyi ɖe Noa gbɔ atsu kple asi eveveve le aɖakaʋu la me, abe alesi Mawu de se na Noa ene. 10Eye wòva me le ŋkeke adreagbe bena, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
Tsiɖɔɖɔ dze gɔme.
11Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu. 12Eye tsi dzi ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ. 13Le ŋkeke ma dzi tututu Noa kple viaŋutsuwo: Sem, Xam kple Yafet kple Noa srɔ̃ hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃ etɔ̃awo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me; 14woawo kple gbemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple aƒemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi, le woƒe ƒomeviwo nu hekpe ɖe xewo kple nusiwo katã dzona la ŋuti le woƒe ƒomeviwo nu. 15Eye lãwo tsyo ƒomevi, siwo me agbegbɔgbɔ le la, woyi de Noa gbɔ eveveve le aɖakaʋu la me. 16Eye lã, siwo yi ɖe egbɔ la, wonye atsu kple asi; lã vovovowo yi ɖe egbɔ, abe alesi Mawu ɖe se nɛ ene. Eye Yehowa do ʋɔ ɖe enu. 17Eye tsia le anyigba la ɖem ŋkeke blane sɔŋ, eye tsia le agbɔ sɔm hekɔ aɖakaʋu la ɖe dzi, ale bena, aɖakaʋu la le tsia ŋgɔ. 18Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe dzi hesɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi, eye aɖakaʋu la le tsatsam le tsia ŋgɔ. 19Eye tsia do agbogbo de anyigba dzi ŋutɔŋutɔ hede to kɔkɔ, siwo katã le dziƒoa te la. 20Eye tsia dɔ gbɔ to kɔkɔwo ta me abɔklugui wuiatɔ̃; ale wɔ, eye towo katã bu de tsia me. 21Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me. 22Nusianu, si agbegbɔgbɔ le eme, si gbɔna toa ŋɔti me, eye wonɔa agbe le anyigba ƒuƒui dzi la ku. 23Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe. 24Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka kple blaatɔ̃ sɔŋ.

Currently Selected:

Mose I 7: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in