YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 28

28
Yakob si yi Xaran.
1Emegbe la Isak yɔ Yakob vɛ, eye wòyrae, eye wòde se nɛ gblɔ nɛ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o! 2Yi Mesopotamia ɖe dawo fofo Betuel ƒe me, eye naɖe dawo nɔvi Laban ƒe vinyɔnua ɖe! 3Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe. 4Eye woatsɔ Abraham ƒe yayra ana mia kple wò dzidzimeviwo, bena nanyi anyigba, si Mawu tsɔ na Abraham, si dzi nènye amedzro le la dome. 5Tete Isak do mɔ Yakob, eye wòyi ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, amesi enye Yakob kple Esau dada Rebeka nɔvi la gbɔ.
Esau gaɖe srɔ̃.
6Ke esi Esau kpɔ bena, Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Mesopotamia, bena wòaɖe srɔ̃ le afima, eye wòyrae de se nɛ gblɔ bena: Megaɖe srɔ̃ tso Kanaan-vinyɔnuwo dome o, 7eye bena Yakob ɖo to fofoa kple dadaa, eye wòyi Mesopotamia la, 8Esau dze sii bena, Kanaan-vinyɔnuawo medze fofoa Isak ŋu o. 9Eyata Esau yi ɖe Ismael gbɔ, eye wòɖe Mahalat, Abraham vi Ismael ƒe vinyɔnu, si enye Nebayot nɔvinyɔnu, hekpe ɖe srɔ̃ bubuawo ŋu.
Yakob kpɔ atsrɔe, si tɔ dziƒo.
10Ke Yakob dze mɔ tso Beer-Seba heyina Xaran. 11Eye wòva ɖo teƒea ɖe hetsi afima dɔ, ela bena ɣe ɖo to xoxo. Tete wòmia anyi ɖe afima, eye wòtsɔ afima kpea ɖe heziɔ tae. 12Eye wòku drɔ̃e kpɔ atsrɔea ɖe tɔ anyigba, eye eƒe nugbɔ de dziƒo, eye wòkpɔ mawudɔlawo le eflɔm le dzi yim gale ɖiɖim. 13Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ bena: Nye enye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu: Anyigba, si dzi nèmlɔ la, màtsɔe ana mia kple wò dzidzimeviwo. 14Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me. 15Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o. 16Esi Yakob nyɔ tso alɔ me la, egblɔ be: Vavã, Yehowa le afisia, gake nyemenyae o! 17Eye wòyɔ gblɔ bena: Ŋɔdziƒe ka enye si! Afi sia menye afia ɖeke o, negbe Mawu ƒe aƒe kple dziƒogbo ko wonye.
Yakob ƒe adzɔgbeɖeɖe.
18Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi. 19Eye wòna ŋkɔ teƒe ma bena: Betel; ke tsã la woyɔnɛ be Lus. 20Eye Yakob ɖe adzɔgbe gblɔ bena: Ne Mawu anɔ anyi kplim, eye wòakpɔ dzinye le mɔ, si dzi mele la dzi, eye wòana abolom maɖu kple awum mado, 21eye wòana maganɔ ava fofonye ƒe me dedie la, ekema Yehowa anye nye Mawu. 22Eye kpe sia, si meɖo dzesikpee la, anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nusianu, si nanam la ƒe ewolia na wò kokoko.

Currently Selected:

Mose I 28: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in