YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 18

18
Yehowa, ɖe eɖokui fia Abraham.
1Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me. 2Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi. 3Tete wògblɔ bena; Aƒetɔ, ne eve nunye la, ekema megato wò dɔla ŋu yi o. 4Woaku tsi via ɖe ve, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie, 5eye matsɔ abolo via ɖe vɛ, ne míado ŋusẽ mia ɖokui hafi adzo; elabena esia ta mieva to miaƒe dɔla gbɔ ɖo. Eye woxɔ dzi bena: Wɔ, abe alesi negblɔ ene! 6Tete Abraham ƒu ɖu yi ɖe Sara gbɔ le agbadɔ me, eye wògblɔ nɛ bena: Wɔ kaba, ku wɔ memee asiʋlo etɔ̃a ɖe, nablui, eye natsɔe atɔ tatalii. 7Eye Abraham ƒu ɖu yi ɖe nyiwo dome, eye wòlé nyivi nyuia ɖe tsɔ na eƒe dɔla wòɖawu enumake, eye wòmee wòbi nyuie. 8Eye wòtsɔ notsi kpekẽtɔ kple notsi tsrolotɔ hekpe ɖe nyilã memee la ŋu va ɖo wo kɔme; ke eya ŋutɔ tsitre ɖe wo gbɔ le atia te, esime wole nua ɖum.
Yehowa gado Isak ŋugbe na Abraham.
9Eye wògblɔ nɛ bena: Afika srɔ̃wò Sara le? Eɖo ŋu bena: Ele agbadɔ me. 10Eye wògblɔ nɛ bena: Le ƒe, si gbɔna ƒe woalewoɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si. Ke Sara le agbadɔ nu le emegbe le esem. 11Eye Abraham kple Sara wotsi xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, ale bena Sara megaléa gbe gɔ̃ hã o. 12Tete Sara ko nu ɖe dɔ me gblɔ bena: Esi metsi lé ayi ale la, ɖe nu agavivi nunyea? Eye ye aƒetɔ hã ku amegã ɖeɖi! 13Tete Yehowa gblɔ na Abraham bena: Nukaŋuti Sara le nu kom le susum bena: Nye amesi ku nyagã la, magate ŋu adzi via? 14Ɖe nane sesẽ na Yehowa? Le ƒe, si gbɔna ƒe woleawoɣi la, magato ava gbɔwò, eye ŋutsuvi anɔ Sara si. 15Tete Sara sẽ nu gblɔ bena: Nyemeko nu o; elabena ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ ne bena: O, èko nu tso!
Sodom gbegblẽ gbɔgblɔɖi.
16Esia megbe la ŋutsuawo dze mɔ tso afima, eye wokpɔ Sodom le abu me ɖa; ke Abraham yi kpli wo, be yeaɖo wo ɖa. 17Eye Yehowa gblɔ bena: Ɖe maɣla nusi wɔ ge mala la, ɖe Abraham, 18esi wònye Abraham ava nye dukɔ gã sẽŋua ɖe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã le eme laa? 19Elabena metiae, bena wòade se na emegbeviwo kple eƒe me katã bena, woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui, bena ne nusi ŋugbe Yehowa do la, nava me na Abraham. 20Tete Yehowa gblɔ bena: Dodo ɖe Sodom kple Gomora ta sɔ gbɔ akpa, eye woƒe dzidadawo tso me akpa. 21Eyata maɖi ayi, ne makpɔ bena, nya, siwo katã sem mele le wo ŋuti la, le eme loo, alo mele eme o, ne manya.
Abraham ɖo kuku ɖe Sodom ta.
22Esia megbe la ŋutsuawo trɔ yi Sodom; ke Abraham gatɔ ɖe Yehowa gbɔ ko. 23Eye Abraham te ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe atsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã? 24Ɖewohi ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã? 25Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa? 26Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ le Sodom-dua me la, ekema màtsɔe ake teƒe blibo la le woawo la. 27Abraham xɔ dzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye amesi nye anyi kple afi ko la, meɖo dzi be, maƒo nu kpli wò, Aƒetɔ! 28Ɖewohi ame atɔ ato le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ me; le ame atɔ ta la, ɖe atsrɔ̃ ɖu blibo la katã mahã? Eɖo ŋu be: O, ne makpɔ ame blane vɔ atɔ̃ le eme la, nyematsɔe o. 29Eye wògayi dzi ƒo nu kplii gblɔ bena: Ɖewohĩ woakpɔ ame blane le eme. Eɖo ŋu be: Le ame blane ta nyemawòe o. 30Eye wògblɔ bena: Aƒetɔ, megabi dzi be, megale nu ƒo ge o loo! Ɖewohi woakpɔ ame blaetɔ̃ le eme. Eɖo ŋu nɛ bena: Ne makpɔ ame blaetɔ̃ le eme la, nyemawɔe o. 31Eye wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, medo dzi be, maƒo nu kpli wò Aƒetɔ. Ɖewohi woakpɔ ame blave le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame blave ta nyematsrɔ̃ wo o. 32Eye wògblɔ be: Aƒetɔ, megabi dzi o loo, ne magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ woakpɔ ame ewo le eme. Eɖo ŋu nɛ be: Le ame ewo ta nyematsrɔ̃ wo o. 33Ke esi Yehowa wu nuƒoƒo kple Abraham nu la, edzo; eye Abraham hã trɔ yi aƒe.

Currently Selected:

Mose I 18: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in